4 Mose 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Vinyɔnuvi, siwo nyi fofoa fe dome la, magaɖe to bubu me ŋutsuwo o. 1 Eye Gilead, Maxir vi, amesi nye Manase vi tso Yosef-ƒome la, ƒe viwo ƒe amegãwo va, eye woƒo nu le Mose kple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ŋku me 2 gblɔ bena: Yehowa de se na nye aƒetɔ be, wòadzidze nu amã anyigba la na Israel-viwo; eye Yehowa gagblɔ na nye aƒetɔ be, wòatsɔ mia nɔvi Zelofxad ƒe anyigba na vianyɔnuwo. 3 Azɔ ne woaɖe Israel-viwo ƒe toawo me ŋutsua ɖe la, ekema woaka woƒe anyigba le mía fofowo ƒe anyigba ŋu atsɔ kpee na to, si me woɖe srɔ̃ le la, ke míaƒe to la tɔ azu sue. 4 Eye ne aseyetsoƒe ɖo na Israel-viwo la, ekema woatsɔ woƒe anyigba akpe to, si me woɖe srɔ̃ le la tɔ, eye woaka woƒe anyigba le mía fofowo ƒe to la ƒe anyigba ŋu. 5 Tete Mose gblɔ na Israel-viwo, abe alesi Yehowa de se ene bena: Yosef-viwo ƒe ƒome la gblɔe ɖe eteƒe. 6 Ale Yehowa de se le Zelofxad vinyɔnuwo ŋu enye si: Amesi ke ŋu wodze la, kpɔ mɔ aɖe wo; gake ele be, woaɖe srɔ̃ ɖe wo fofo ƒe to la me, 7 bena ne Israel-viwo ƒe anyigba magatso to ɖeka si ayi ɖe to bubu si me o, boŋ Israel-viwo dome ɖesiaɖe nalé fofoa ƒe to la ƒe anyigba ɖe asi. 8 Eye nyɔnu, siwo katã xɔ anyigba ɖe Israel-viwo ƒe toawo me la, naɖe srɔ̃ ɖe wo fofowo ƒe to la me, bena Israel-viwo dome ɖesiaɖe nanyi fofoa ƒe anyigba dome. 9 Eye anyigba matso to ɖeka si ayi ɖe to bubu si me o, boŋ Israel-viwo ƒe toawo dome ɖesiaɖe nalé eƒe anyigba ɖe asi. 10 Eye Zelofxad vinyɔnuwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 11 Eye Zelofxad vinyɔnu, siwo nye: Maxla, Tirza. Xogla, Milka kple Noa la, ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viwo. 12 Woɖe srɔ̃ le Yosef vi Manase ƒe ƒomeawo me. Ale woƒe anyigba tsi wo fofo ƒe ƒome la si. 13 Esia nye se kple ɖoɖo, siwo Yehowa na Mose gblɔ na Israel-viwo le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana