Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

4 Mose 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kanaan-nyigba ƒe liƒowo.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva Kanaan-nyigba dzi la, ekema anyigba, si anye miaƒe domenyinu la, enye si: Kanaan-nyigba kple eŋu liƒowo.

3 Miaƒe dziehekpa natso Zin-gbedzi amlo ato Edom ŋu. Ale miaƒe dzieheliƒo natso Dzeƒu la ƒe mlɔenu le ɣedzeƒe gome,

4 eye liƒo la naɖo ta Akrabim-to dzi mo ƒe dziehe gome ato Zin ŋu ayi ɖe Kades-Barnea ƒe dziehe gome, eye wòaɖo ta Xazar-Adar ava ke ɖe Azmon.

5 Eye liƒo la nanyè kpo tso Azmon ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu ava wu nu ɖe ƒu la nu.

6 Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo nanye ƒu gã la; eya nado liƒo na mi le ɣetoɖoƒe gome.

7 Miaɖe anyieheliƒo la tso ƒu gã la nu ato Hor-to la ŋu.

8 Miaɖee tso Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye liƒo la naɖe Zedad.

9 Liƒo la nato Zifron ava wu nu ɖe Xazar-Enan. Esia nanye anyieheliƒo na mi.

10 Miaɖe ɣedzeƒeliƒo la tso Xazar-Enan ayi Sefam.

11 Eye liƒo la natso Sefam ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye liƒo la nazɔ Kineret-ta ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.

12 Eye liƒo la nazɔ Yordan ŋu axa wu nu ɖe Dzeƒu la nu.

13 Eve Mose de se na Israel-viwo bena Esia nye anyigba, si dzi woadzidze nu ɖo amã na mi la; anyigba si ŋu Yehowa ɖe se le be, woatsɔ na to asieke kple afã la.

14 Elabena Ruben-viwo ƒe to kple Gad-viwo ƒe to kpakple Manase ƒe to atã la xɔ woƒe domenyinu ɖe wo tofowo ƒe aƒewo nu xoxo.

15 To eve kple afã xɔ woƒe domenyinu ɖe Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo kasa le ɣedzeƒe gome.


Alesi woama anyigba la mee.

16 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

17 Ŋutsu, siwo amã anyigba la na mi, ƒe ŋkɔwo nye si: Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi.

18 Eye miade amegã ɖekaɖeka le to sia to me, bena woamã anyigba la.

19 Ŋutsuawo ƒe ŋkɔwo nye si: Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me,

20 Semuel, Amihud vi, tso Simeon-viwo ƒe to la me;

21 Elidad, Kislon vi, tso Benyamin-to la me;

22 amegã Buki, Yogli vi, tso Dan-viwo ƒe to la me.

23 Yosef-viwo tɔwo nye si: Amegã Xaniel, Efod vi, tso Manase viwo ƒe to la me,

24 kple amegã Kemuel, Siftan vi, tso Efrayim-viwo ƒe to la me

25 Amegã Elizafan, Parnax vi, tso Zebulon-viwo ƒe to la me,

26 amegã Paltiel, Asan vi, tso Isaxar-viwo ƒe to la me;

27 amegã Axihud, Selomi vi, tso Aser-viwo ƒe to la me,

28 kple amegã Pehadel, Amihud vi, tso Naftali-viwo ƒe to la me.

29 Esiawo nye amesiwo Yehowa de se na bena, woamã domenyinu la na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa