Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

4 Mose 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Asaɖabɔƒewo xexlẽ

1 Esiawo nye Israel-viwo ƒe toƒewo, lé esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi hamehame, eye Mose kple Aron le wo nu la.

2 Eye Mose ŋlɔ woƒe mɔzɔzɔ la le woƒe toƒewo nu, abe alesi Yehowa de se ene. Esia nye woƒe mɔzɔzɔ la le woƒe toƒewo nu.

3 Woho tso Ramses le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, ŋkeke, si dze ŋutitotoŋkekenyuie yome la dzi asi sesẽ kplɔ Israel-viwo dzoe le Egiptetɔwo katã ŋku me,

4 le esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi, siwo katã Yehowa vu le wo dome la ɖim, eye Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia woƒe mawuwo hã.

5 Eye Israel-viwo ho tso Ramses heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sukot.

6 Woho tso Sukot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la nu,

7 eya woho tso Etam hetrɔ ɖo ta Pihaxirot le Baal-Zefon ŋgɔ, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol ƒe ɣedzeƒe gome.

8 Woho tso Pihaxirot, eye wotso ƒu la heva gbedzi, eye wozɔ Etam-gbedzi ŋkeke etɔ̃ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Mara,

9 eye woho tso Mara heva Elim, afisi vudo wuieve kple deti blaadre le, eye woƒu asaɖa anyi ɖe afima.

10 Woho tso Elim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Avaƒu la nu,

11 eye woho tso Avaƒu la nu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sin-gbedzi.

12 Woho tso Sin-gbedzi heva ƒu asaɖa anyi ɖe Dofka;

13 eye woho tso Dofka heva ƒu asaɖa anyi ɖe Alus.

14 Woho tso Alus heva ƒu asaɖa anyi ɖe Refidim, afisi tsia ɖeke mele, be dukɔ la nano o;

15 eye woho tso Refidim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-gbedzi.

16 Woho tso Sinai-gbedzi heva ƒu asaɖa anyi ɖe nudzrolawo ɖiƒe;

17 eye woho tso nudzrolawo ɖiƒe heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xazerot.

18 Woho tso Xazerot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ritma;

19 eye woho tso Ritma heva ƒu asaɖa anyi ɖe Rimon-Perez.

20 Woho tso Rimon-Perez heva ƒu asaɖa anyi ɖe Libna,

21 eye woho tso Libna heva ƒu asaɖa anyi ɖe Risa.

22 Woho tso Risa heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kehelata,

23 eye woho tso Kehelata heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sefer-to la gbɔ.

24 Woho tso Sefer-to la gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xarada,

25 eye woho tso Xarada heva ƒu asaɖa anyi ɖe Makehelot.

26 Woho tso Makehelot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Taxat,

27 eye woho tso Taxat heva ƒu asaɖa anyi ɖe Tarax.

28 Woho tso Tarax heva ƒu asaɖa anyi ɖe Mitka,

29 eye woho tso Mitka heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xasmona.

30 Woho tso Xasmona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moserot,

31 eye woho tso Moserot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Bene-Yakan.

32 Woho tso Bene-Yakan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xor-Hagidgad,

33 eye woho tso Xor-Hagidgad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yotbata,

34 Woho tso Yotbata heva ƒu asaɖa anyi ɖe Abrona,

35 eye woho tso Abrona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ezeon-Geber.

36 Woho tso Ezeon-Geber heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kades le Sin-gbedzi,

37 eye woho tso Kades heva ƒu asaɖa anyi ɖe Hor-to la gbɔ, le Edom ƒe liƒo dzi.

38 Eye nunɔla Aron ɖe Hor-to la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye woku le afima, le esime Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe blane megbe le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.

39 Aron xɔ ƒe alafa ɖeka blave vo etɔ̃ hafi ku le Hor-to la dzi.

40 Eye Kanaanitɔ, Arad-fia, si nɔ Kanaan-nyigba ƒe dziehe gome la, se bena, Israel-viwo gbɔna.

41 Woho tso Hor-to ta gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona,

42 eye woho tso Zalmona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Punon.

43 Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot,

44 eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iyim-Abarim le Moabitɔwo ƒe liƒo dzi.

45 Woho tso Iyim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Dibon-Gad,

46 eye woho tso Dibon-Gad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Almon-Diblatayim.

47 Woho tso Almon-Diblatayim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Abarim-to la gbɔ, le Neho ƒe ɣedzeƒe gome,

48 eye woho tso Abarim-to la gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa.

49 Woƒu asaɖa la anyi ɖe Yordan nu tso Bet-Yesimot vaseɖe Abel-Sitim le Moab-tagba.


Se le Kanaanitɔwo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.

50 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Moab-tagba, le Yordan nu, le Yerixo kasa bena:

51 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mietso Yordan va Kanaan-nyigba dzi la,

52 ekema mianya anyigbadzinɔlawo katã le mia ŋgɔ, eye miagbã woƒe aklama kpakpɛwo katã kple woƒe legbawo katã kpakple woƒe vɔsamlekpuiwo katã.

53 Eye miaxɔ anyigba la wòanye mia to miano edzi; elabena miawoe metsɔ anyigba la na, be wòanye mia to.

54 Miadzidze nu ɖe anyigba la dzi amãe ɖe miaƒe ƒomeawo nu; miana domenyinu la amesiwo sɔ gbɔ la, wòalolo, eye amesiwo le ʋee la, ƒe domenyinu nanɔ ʋee. Teƒe, si dzi nudzidze la dze nɛ la, afima woaxɔ; mianye ɖe mia fofowo ƒe toawo nu.

55 Ke ne mienyã anyigbadzinɔlawo le mia ŋgɔ o la, ekema amesiwo miegblẽ ɖi la, atro zu ŋu ano miaƒe ŋku ta kple aŋɔka anɔ mia xa, eye woaxaxa mi ɖo le anyigba, si dzi miele la dzi.

56 Eye matsɔ nusi meɖi be, mawɔ wo la, awɔ mi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa