Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

4 Mose 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woɖu Midiantɔwo dzi.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Bia hlɔ̃ Midiantɔwo na Israel-viwo; emegbe nayi tɔgbuiwòwo gbɔ.

3 Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Mina ŋutsuwo nabia akpa le mia dome, bena woaho aʋa ɖe Midian ŋu, ne woabia hlɔ̃ Midian na Yehowa.

4 Israel-viwo ƒe to sia to naɖe ame akpe ɖeka aɖo ɖe ana la.

5 Eye to sia to na ame akpe ɖeka tso Israel ƒe ame akpe akpeawo dome; amesiwo bia akpa hena aʋayiyi la, le ame akpe wuieve.

6 Eye Mose ɖɔ ame akpe ɖeka tso to sia to me ɖo ɖe aʋa la, eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, he nu kɔkɔeawo kple kpẽ, siwo woaku atsiã ɖe nu la, ɖe asi.

7 Woho aʋa ɖe Midian ŋu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene, eye wowu ŋutsuwo katã.

8 Eye wowu Midian-fia atɔ̃awo, siwo nye: Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la, kpe ɖe ame bubuawo ŋu; eye wowu Bileam, Beor vi, hã kple via.

9 Eye Israel-viwo ɖe aboyo Midiantɔwo srɔ̃wo kple wo viwo, eye woha woƒe agbatsɔlãwo katã, lãhawo katã kple woƒe kesinɔnuwo katã:

10 eye wòto dzo du, siwo katã me wònɔ, kple woƒe agbadɔwo katã.

11 Woɖe aboyo amewo, eye woha lãwo.

12 Eye wohe amesiwo wòlé kple nusiwo woha kpakple nusiwo woɖe aboyo la, va Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa.

13 Eye Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israel-amegãwo katã yi ɖakpe wo le asaɖa la godo.

14 Eye Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔla, siwo wotso ɖo ame akpewo kple ame alafawo nu, amesiwo gbɔ tso aʋa la ŋuti.

15 Eye Mose gblɔ na wo bena: A, miena nyɔnuwo katã tsi agbea?

16 Evɔ wònye woawoe na Israel-viwo subɔ Peor hetrɔ ʋu le Yehowa yome le Bileam ƒe aɖaŋuɖoɖo la nu, eye dɔvɔ̃ ɖo Yehowa ƒe ha la me hafi.

17 Eyata miwu ŋutsuvi, siwo katã le ɖeviawo dome, eye miwu nyɔnuvi, siwo katã ɖo ŋutsu gbɔ kpɔ;

18 gake mina nyɔnuvi, siwo katã medo ŋutsu gbo kpo o te ɖeviawo dome la, natsi agbe na mi.

19 Ke miawo mitsi asaɖa godo ŋkeke adre sɔŋ, eye amesiwo wu ame kple amesiwo ka asi ame tsiaʋawo ŋu la, naɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui kple amesiwo wòlé la ŋu, le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi.

20 Eye miaɖe nuvɔ̃ ɖa le avɔwo katã kple nusiwo katã wotsɔ lãgbalẽ kple gbɔ̃fuwo wɔe, kpakple atinuwo katã ŋuti.

21 Eye nunɔla Eleazar gblɔ na aʋawɔla, siwo de aʋa la bena: Ale Yehowa de se na Mose enye si:

22 Mitsɔ sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ, ga ɣi kple tsumi

23 kpakple nusianu, si ate ŋu aɖe dzo me la, haha dzoe, ekema wo ŋu akɔ; gake ele be, woatsɔ ameŋukɔtsi aɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ŋu. Ke woatsɔ tsi aklɔ nusiwo katã mate ŋu ade dzo me o lae.

24 Eye ne mienyã miaƒe avɔwo le ŋkeke adreagbe la, ekema mia ŋu akɔ, emegbe miekpɔ mɔ ayi asaɖa la me.


Aboyo me mamã.

25 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

26 Mia kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe toawo ƒe amegãwo mixlẽ ame kple lã, siwo woɖe aboyoe la,

27 mimã wo na amesiwo de aʋa la, kple ameha blibo la.

28 Eye naxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame alafa atɔ me le aʋawɔla, siwo de aʋa la, tɔ ŋu ahawɔ adzɔe na Yehowa.

29 Naɖee le wo tɔ ŋu awɔ adzɔe na Yehowa ahatsɔ na nunɔla Eleazar.

30 Ke miaxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo tɔ ŋu ana Lewitɔwo, amesiwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu.

31 Eye Mose kple nunɔla Eleazar wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

32 Eye aboyonu, siwo aʋawɔlawo ha la, ƒe kpɔtɔea le alé akpe alafa ade blaadre vɔ atɔ̃,

33 nyi akpe blaadre vɔ eve,

34 tedzi akpe blaade vɔ ɖekɛ:

35 eye nyɔnuvi, siwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o la, le ame akpe blaetɔ̃ vɔ eve.

36 Amesiwo de aʋa la ƒe gome enye ale akpe alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ adre kple alafa atɔ̃.

37 Eye adzɔ, si woɖe le alẽawo ŋu na Yehowa la, le alẽ alafa ade blaadre vɔ atɔ̃.

38 Nyiwo le akpe blaetɔ̃ vɔ ade, eye woɖe wo ame blaadre vɔ eve na adzɔ Yehowa.

39 Tedziwo le akpe blaetɔ̃ kple alafa atɔ, eye woɖe wo ame blaade vɔ ɖeke na adzɔ Yehowa.

40 Eye amewo le akpe wuiade, eye woɖe wo ame blaetɔ̃ vɔ eve na adzɔ Yehowa.

41 Eye Mose tsɔ adzɔ, siwo wona Yehowa la, hena nunɔla Eleazar, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

42 Eye Israel-viwo tɔ, si Mose ma na woa kple amesiwo de aʋa la, enye si:

43 ameha la tɔ enye alẽ akpe alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ adre kple alafa atɔ̃,

44 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade,

45 tedzi akpe blaetɔ̃ kple alafa atɔ̃

46 kple ame akpe wuiade.

47 Eye Mose ɖe ame ɖekaɖeka kple lã ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo to ŋu hena Lewitɔwo, amesiwo woa do le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

48 Eye aʋakplɔla, siwo le aʋakɔ la fe ame akpewo nu, amesiwo wotsɔ ɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la, va Mose gbɔ,

49 eye wogblɔ na Mose bena: Wò dolawo xlẽ aʋawɔla, siwo wode asi na mí la, eye wo dometɔa ɖeke meto le eme o.

50 Eyata mietsɔ sikanu, siwo amesiame ha la vɛ, be miana Yehowa, woawo nye: abɔkpowo, alonugɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔdzonuwo, ne míalé avu na mía ɖokui le Yehowa gbɔ.

51 Tete Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sikatsyɔ̃ɖonu vovovoawo le wo si.

52 Eye sika, siwo katã amesiwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu dzo na Yehowa la, le sekel akpe wuiade alafa adre kple blaatɔ̃.

53 Ke aʋawɔviawo dome ɖesiaɖe ha nu na eɖokui.

54 Eye Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sikawo le amesiwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si, eye wotso wo va Mawu ƒe agbadɔ la me, ne woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo le Yehowa ŋku me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa