4 Mose 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Adzogbeɖeɖe ŋu se. 1 Eye Mose gblɔ se, siwo katã Yehowa ɖe nɛ la, na Israel-viwo. 2 Eye Mose ƒo nu kple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo bena: Ale Yehowa ɖe se enye si: 3 Ne amea ɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa, alo wòka atam hetsri nu na eɖokui la, ekema megada eƒe nya la dzi o, boŋ wòawɔ nya, siwo katã do le enu la dzi. 4 Ne nyɔnua ɖe nye ɖetugbi le fofoa ƒe me, eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa alo tsri nu na eɖokui, 5 eye fofoa se adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri na eɖokui, gake fofoa zi kpi kpɔe la, ekema wòawɔ adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri na eɖokui la dzi. 6 Ke ne fofoa see, eye wògbe nɛ gbemagbe ke la, ekema magawɔ eƒe adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri la dzi o; eye Yehowa atsɔe akee, le esi fofoa gbe nɛ la ta. 7 Ke ne eɖe adzɔgbe, alo nya ge le enu wòtsri nu na eɖokui hafi va ɖe srɔ̃, 8 eye srɔ̃a zi kpi kpɔe le gbesigbe wòsee la, ekema wòawɔ eƒe adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri la dzi. 9 Gake ne srɔ̃a gbe nɛ le gbesigbe wòsee la, ekema egblẽ eƒe adzɔgbe, si wòɖe, kple nya, si ge le enu wòtsri nu na eɖokui le, me nɛ; eye Yehowa atsɔe akee. 10 Ke ahosiwo kple nyɔnu, siwo wogbe la, nawɔ woƒe adzɔgbeɖeɖewo kple nusiwo wotsri na wo ɖokui la dzi. 11 Nenye srɔ̃ ƒe me wòɖe adzɔgbe le, alo wòka atam hetsri nu na eɖokui la, 12 eye srɔ̃a see, gake wozi kpi kpɔe, eye megbe nɛ o la, ekema wòawɔ eƒe adzɔgbe, siwo katã wòɖe, alo nusiwo wòtsri na eɖokui la dzi. 13 Ke ne srɔ̃ gblẽ eme nɛ, le gbesigbe wòsee la, ekema magawɔ nya, si ge le enu wòɖe adzɔgbe alo tsri nu la dzi o, elabena srɔ̃ gblẽ eme nɛ; eye Yehowa atsɔe akee. 14 Ne nyɔnua ɖe ɖe adzɔgbe sia adzɔgbe alo ka atam sia atam hetsri nu bena, yeatsi nu adɔ la, srɔ̃a ate ŋu ana be, wòawɔ edzi alo agblẽ eme nɛ. 15 Ke ne srɔ̃a zi kpi egbe kple etsɔ la, ekema wòawɔ adzɔgbe, siwo katã wòɖe, alo nusi wòtsri la dzi, elabena ezi kpi kpɔe le gbesigbe wòsee. 16 Gake ne esee eteƒe didi, hafi wogblẽ eme nɛ la, ekema eƒe vodada le ŋutsu la dzi. 17 Esia nye ɖoɖo, siwo Yehowa gblɔ na Mose le ŋutsu kple srɔ̃a kpakple fofo kple vianyɔnu, si ganye ɖetugbi le fofoa ƒe me la dome. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana