Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

4 Mose 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wowɔ aʋa ɖe Arad-fia ŋuti. Akɔblida la.

1 Esi Kanaanitɔ, Arad-fia, amesi le dziehe gome, se bena, Israel to Atarim-mɔ gbɔna la, ewɔ aʋa kple Israel, eye wòɖe aboyo wo dometɔa ɖewo.

2 Tete Israel ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne atsɔ dukɔ sia ade asi nam la, ekema matsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.

3 Eye Yehowa se Israel ƒe gbe, eye wotsɔ Kanaanitɔwo de asi, eye wotsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi, eye wona ŋkɔ teƒe la be: Xorma.

4 Eye woho tso Hor-to la gbɔ heɖo ta Avaƒu la nu, bena woatrɔ Edom-nyigba ta. Ke dukɔ la tsi dzi le mɔ ta,

5 eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.

6 Tete Yehowa ɖo da vɔ̃ɖiwo ɖe dukɔ la dome, eye woɖu dukɔ la, eye ame geɖe ku le Israel.

7 Tete dukɔ la va Mose gbɔ gblɔ bena: Míewɔ nuvɔ̃ be, mieƒo nu le mia kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa, bena wòaɖe dawo ɖa le mía dome. Eye Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta.

8 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Wɔ da vɔ̃ɖi la ƒe nɔnɔme, eye nakui ɖe ati ŋu, bena ne ɖa du amea ɖe, eye wòkpɔe ɖa la, wòatsi agbe.

9 Eye Mose tsa akɔbli wɔ ɖaa ɖe heku ɖe ati ŋu, eye ne dawo ɖu amea ɖe wokpe akɔblida la ɖa ko la, etsia agbe.


Israel-viwo ƒe asaɖabɔƒewo.

10 Eye Israel-viwo ho heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot.

11 Eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe gbedzi le Yie-Abarim, si dze ŋgɔ Moab le ɣedzeƒe gome.

12 Woho tso afima heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zered-tɔʋu la nu.

13 Eye woho tso afima heva gbedzi le Arnon, si dzɔ tso Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la nu. Arnon enye liƒo le Moabitɔwo kple Amoritɔwo dome.

14 Eyata woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ me bena: „Waheb le Sufa kple Arnon-toʋu la,

15 tɔʋu la me tsi, si si ɖo ta Ar-nutowo me, eye wòɖo liƒo na Moab.“

16 Emegbe wotso le afima va vudo la gbɔ. Esia nye vudo, si ŋu Yehowa gblɔ le na Mose be: Ƒo dukɔ la nu ƒu, bena mana tsi wo.

17 Ɣemaɣi Israel-viwo dzi ha sia bena: „Vudo, dzi! Midzi ha ɖe eŋu!

18 Esia nye vudo, si amegãwo ɖe, eye dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔ kple woƒe atizɔti ɖee la.“ Eye wotso gbe sia dzi heva Matana.

19 Tso Matana wova Naxaliel, eye tso Naxaliel wova Bamot.

20 Tso Bamot wova bali la me le Moab-nyigba dzi, le Pisga, si dze ŋgɔ gbegbe la gbɔ.


Woɖu Sixon dzi.

21 Eye Israel dɔ amewo ɖo ɖe Sixon, Amori-fia gbɔ bena:

22 Na mato wò anyigba dzi yi! Miadze ato agblewo alo weinbɔwo me o, eye miele vudo me tsi hã no ge o, boŋ mɔ gã ko míalé tẽ, vaseɖe esime miatso wò anyigba me ayi.

23 Ke Sixon meɖe mɔ na Israel be, wòato eƒe anyigba dzi ayi o; boŋ Sixon ƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu, eye woho va kpe Israel le gbedzi. Esi wòɖo Yaza ta, ewɔ aʋa kple Israel.

24 Ke Israel wu wo kple yi, eye wòxɔ woƒe anyigba la tso Arnon gbɔ vaseɖe Yabok nu heva ke ɖe Amon-viwo ŋu, elabena Yaezer enye Amon-viwo ƒe liƒo.

25 Eye Israel xɔ du siawo katã, eye Israel nɔ Amoritɔwo ƒe du Xesbon kple eŋu duwo katã me.

26 Elabena Xesbon enye Amoritɔwo ƒe fia Sixon ƒe du; eya nye amesi wɔ ana kple Moab-fia tsãtɔ, eye wòxɔ eƒe anyigba katã le esi vaseɖe Arnon nu.

27 Eyata ahamasilawo gblɔna be: Miva Xesbon, eye mitu Sixon ƒe du la sesĩe!

28 Elabena dzo do tso Xesbon, eye dzoƒaɖe tso Sixon ƒe du la me hefiã Moabitɔwo ƒe Ar kpakple Arnon-ŋu nɔlawo.

29 Baba na wo, Moab! Wo, Kemos-dukɔ, ebu! Ena viaŋutsuwo si, eye wona Amoritɔwo ƒe fia Sixon ɖe aboyo vianyɔnuwo.

30 Míeda wo, eye Xesbon bu vaseɖe Dibon. Mietsrɔ̃ wo vaseɖe Nofa, eye dzo la bi vaseɖe Medeba.

31 Ale Israel-viwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi.


Woɖu Og dzi.

32 Eye Mose da be, woaɖatsa ŋku le Yaezer, eye woxɔ eŋu duwo, eye woɖu Amoritɔ, siwo le afima la dzi.

33 Emegbe wotrɔ dze Basan-mɔ dzi. Tete Og, Basan-fia, kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe wo le Edrei.

34 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Megavɔ̃e o, elabena metsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba de asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon la ene.

35 Eye wowu eya ŋutɔ kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dukɔ blibo la, ale bena amea ɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa