Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

4 Mose 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋutikɔklɔtsi tso nyi dzẽ ƒe afi me.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:

2 Ale Yehowa de se gblɔ enye si: Gblɔ na Israel-viwo be, wòalé nyinɔ dzẽ, si sɔ blibo, nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la, vɛ na wò.

3 Miatsɔe na nunɔla Eleazar, eye wòana woakplɔe ayi asaɖa la godo, eye woawui le eŋku me.

4 Eye nunɔla Eleazar nade eƒe asi nu la me ahlẽ zi adre ɖe go, si me Mawu ƒe agbadɔ la dze ŋgɔe.

5 Eye woatɔ dzo nyinɔ la ƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple dɔmemiwo.

6 Eye nunɔla natsɔ sederti, isop kple ka dze ade nyinɔ ƒe dzo la me.

7 Nunɔla nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me: gake nunɔla ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

8 Amesi tɔ dzo nyinɔa la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

9 Eye ŋutsu, si gu ka la, nalɔ nyinɔ ƒe afi la ada ɖe teƒe kɔkɔea ɖe le asaɖa godo, eye wòadzrae ɖo na Israel-viwo ƒe ha la hena ameŋukɔtsi la, nuvɔ̃vɔsae wònye.

10 Amesi la nyinɔ ƒe afia la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ. Ɖoɖo mavɔ wòanye na Israel-viwo kple amedzro, si le wo dome la.

11 Ne amea ɖe de asi ame kuku ŋu la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.

12 Eye wòatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, ekema eŋu ko; gake ne meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi o la, ekema eŋu meka o.

13 Ne amea ɖe ɖe asi ame kuku ŋu, eye meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu o la, ekema edo ŋunyɔ Yehowa ƒe nɔƒe la; ele be, woatsrɔ̃ ame sia ɖa le Israel, elabena womewu ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o, eye eya ŋutɔ de busu eɖokui ŋu.

14 Se la enye si: Ne ame ku le agbadɔa ɖe me la, ekema amesi va agbadɔa me kple nusiwo katã le agbadɔa me la, ŋu mekɔ o ŋkeke adre.

15 Nusianu, si le nuvo, eye wometu nu enu o la, ŋu mekɔ o.

16 Ne amea ɖe de asi amesi wowu kple yi alo ame kuku, ameƒu alo yɔdo ŋu le gbe me la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.

17 Eye woaku nuvɔ̃vɔsalã, si wotɔ dzoe la, ƒe afi akɔ tɔsisi me tsi ɖe dzi le zea ɖe me hena amesi ŋu mekɔ o la.

18 Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.

19 Amesi ŋu kɔ la, nawui ɖe amesi ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, emegbe wòanyã eƒe avɔwo, eye wòalé tsi, ekema eŋu kɔ le fiẽ.

20 Ke ne amea ɖe ŋu mekɔ o, eye womeɖe nuvɔ̃ le eŋu o la, ekema woatsrɔ̃e ɖa le ha la dome, elabena edo ŋunye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la; womewu ameŋukɔtsi ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o.

21 Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi. Amesi wu ameŋukɔtsia la, nanyã eƒe avɔwo, eye ne amea ɖe de asi ameŋukɔtsia ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

22 Ne amesi ŋu mekɔ o, de asi nua ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o, eye ne amea ɖe ɖe asi amea ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa