4 Mose 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nunɔlawo kple Lewitɔwo ƒo dɔ. 1 Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Nu kɔkɔeawo ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo kpakple fofowò ƒe to la dzi, eye nunɔladɔ la ŋu vodada anɔ mia kple viwòŋutsuwo dzi. 2 Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ. 3 Eye woawɔ dɔ, siwo katã le ŋuwo kple agbadɔ blibo la ŋu; ke womagate ɖe nu kɔkɔeawo kple vɔsamlekpui la ŋu, be mia kpli wo miagaku o. 4 Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, ke ame tutɔa ɖeke mate va mia gbɔ o. 5 Eye miawo miawo do, siwo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpuia ŋuti, bena dɔmedzoe magava Israel-viwo dzi o. 6 Elabena nye ŋutɔe ɖe mia nɔvi Lewitɔwo, amesi wo wona Yehowa la, le Israel-viwo dome ma mi, bena woawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo. 7 Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui. Nunɔlawo ƒe nuɖuɖu. 8 Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ, siwo woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la, na wò, wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo ƒe gome wònye, ɖoɖo mava wòanye. 9 Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo. 10 Teƒe kɔkɔetɔ naɖui le, ŋutsu sia ŋutsu kpɔ mɔ aɖui; nu kɔkɔe wòanye na wò. Metsɔ nunana bubu, siwo katã Israel-viwo ana, 11 bena woanyè la, na wò, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo tɔ woanye; amesiame, si ŋu ko le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, ɖoɖo mavɔ wòanye. 12 Metsɔ ami nyuitɔ, wein matsimatsi nyuitɔ kple agblemenu gbãtɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, na wò. 13 Woƒe anyigbadzinu gbãtɔwo katã dometɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, nye tɔwo; amesiame, si ŋu kɔ le aƒewò me la, kpɔ mɔ aɖui. 14 Nusianu, si Israel-viwo tsɔ ɖe adzɔgbe ɖika la, nanye tɔwo! 15 Nusianu, si aʋu ɖɔ nu na dada, eɖanye ame alo lã o, eye wotsɔe na Yehowa la, nye tɔwò; ke woatsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeawoe. 16 Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ekema woatsɔ ga sekel kɔkɔe atɔ̃ axɔ wòe, abe alesi nado asi lae ene. Gera blave nanye sekel ɖeka. 17 Ke womatsɔ ga axɔ nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeawoe o, elabena wo ŋu kɔ; nawu woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye natɔ dzo woƒe amiwo, bena woanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa. 18 Gake woƒe lã nanye tɔwò, abe alesi akɔ, si wonyè kple ɖusita nye tɔwoe ene. 19 Metsɔ adzɔ, siwo katã woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo wona Yehowa, ŋu la na mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo; ɖoɖo mavɔ wòanye. Dzenubabla wònye le Yehowa ŋku me tegbee na mia kple wò dzidzimeviwo. Lewitɔwo ƒe nuɖuɖu. 20 Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome: 21 Eye metsɔ nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka na Lewi-viwo, bena wòanye wo tɔ le Israel, ɖe woƒe ɖɔ, si wole wɔwɔm le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la ta. 22 Ke Israel-viwo megate va Mawu ƒe agbadɔ ŋu azɔ o, bena woagahe nuvɔ̃ ava wo ɖokui dzi, eye woaku o, 23 boŋ Lewitɔwo nawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, eye woaxɔ woƒe vodadawo atsɔ; ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo. Ke domenyinu manɔ wo si le Israel-viwo dome o, 24 elabena metsɔ Israel-viwo ƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, siwo wotsɔ na Yehowa la, na Lewitɔwo abe domenyinu ene; eyata megblɔ na wo be, domenyinu manɔ wo si le Israel-viwo dome o. 25 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 26 Gblɔ na Lewitɔwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, si mexɔ le Israel-viwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, ekema miɖe ewoliawo ɖeka le eŋu na Yehowa 27 Wòabu adzɔ, si miana la, abe mia ŋutɔwoe xa agblemenu, eye mieha wein ene. 28 Ale miade adzɔ le nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka, siwo miaxɔ le Israel-viwo si la, ŋu na Yehowa, eye miatsɔ Yehowa ƒe adzɔ la ana nunɔla Aron. 29 Miɖe nusiwo katã woana mi la, ƒe nyuitɔwo wɔ adzɔ na Yehowa abe nunana kɔkɔe ene. 30 Gblɔ na wo be: Ne mieɖe nyuitɔwo na adzoe la, ekema woabui na Lewitɔwo abe woawo ŋutɔe xa nu, eye wòfiã wein ene. 31 Mia kple miaƒe ƒometɔwo miekpɔ mɔ aɖui le afisiafi, elabena dɔ, si wɔm miele le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la, ƒe fetu wònye. 32 Ne miede nyuitɔ le wo ŋu na adzɔe la, ekema nuvɔ̃ manɔ mia dzi o; miagblẽ kɔ ɖo na Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo o, eye miaku o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana