4 Mose 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuvɔ̃wɔlawo ƒe ŋutɔgbawo kple Aron ƒe nutɔgba. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 2 Gblɔ na nunɔla Aron viŋutsu Eleazar bena, woafɔ dzudzɔdosonuawo le dzobiƒe la, eye wòaka dzoa le wo me ɖe adzɔge. 3 Elabena nuvɔ̃wɔla mawo ƒe ku na dzudzɔdosonuawo ŋu kɔ, woaƒo wo gbadzaa atsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu, elabena wotsɔ wo va Yehowa ŋku mee, eyata wo ŋu kɔ, eye woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo. 4 Tete nunɔla Eleazar fɔ akɔbli-dzudzɔdosonu, siwo amesiwo dzo fiã tsɔ vɛ la, eye woƒo wo gbadzaa tsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu, 5 hena ŋkuɖoɖodzi na Israel-viwo, bena ame tutɔa ɖeke, amesi metso Aron ƒe dzidzimeviwo dome o la, magate va, be yeatɔ dzo dzudzɔdonu le Yehowa ŋku me, eye wòava me nɛ abe Korax kple eƒe ha la ene o; abe alesi Yehowa de se nɛ to Mose dzi ene. 6 Ke esi ŋu ke la, Israel ƒe ha blibo la lì Mose kple Aron ŋu gblɔ bena: Miawoe wu Yehowa ƒe dukɔ la. 7 Esi ha blibo la kpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu la, woawo trɔ ɖo ta Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eve kpɔ ɖa, alilikpo tsyɔ edzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia. 8 Eye esi Mose kple Aron wova Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ la, 9 Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 10 Mide megbe le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka! Tete wotsyɔ mo anyi. 11 Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ dzudzɔdosonu, eye naɖe dzo ɖe eme le vɔsamlekpui la dzi, nètsɔ nayi ha la gbɔ, eye nale avu na wo, elabena Yehowa do dɔmedzoe, eye dɔvɔ̃ dze gɔme. 12 Eye Aron tsɔe, abe alesi Mose gblɔ ene, hoƒu ɖu yi ɖe takpekpe la me, eye kpɔ ɖa, dɔvɔ̃ dze gɔme le dukɔ la dome, eye wotsɔ dzudzɔdonu hele avu na wo. 13 Eye esi wotsi tre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome la, dɔvɔ̃ la nu tso. 14 Amesiwo dɔvɔ̃a wu la, le ame akpe wuiene alafa adre, ke amesiwo ku le Korax ƒe nya me la, mele eme o. 15 Eye Aron gatrɔ va Mose gbɔ le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Eye dɔvɔ̃ la nu tso. Aron ƒe ati ƒo se. 16 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: 17 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye naxɔ atikplɔ wuieve le woƒe amegãwo si le wo tofowo ƒe aƒewo nu, eye naŋlɔ amesiame ŋkɔ ɖe eƒe atikplɔ ŋu. 18 Ŋlɔ Aron ŋkɔ ɖe Lewitɔwo ƒe atikplɔ ŋu, elabena atikplɔ ɖeka enye amegã, si le wo fofowo ƒe aƒe nu la tɔ. 19 Eye natsɔ wo aɖa ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le se la ŋgɔ, afisi meɖea ɖokuinye baa mi le. 20 Eye amesi ke mada la, ame ma ƒe atikplɔ adze, eye matsi Israel-viwo ƒe mia ŋu lili la nu. 21 Tete Mose ƒo nu kple Israel-viwo, eye woƒe amegãwo katã dome ɖesiaɖe tsa eƒe atikplɔ nɛ; atikplɔ wuieve le wo fofowo ƒe aƒewo nu, eye Aron ƒe atikplɔ hã le woƒe atikplɔwo dome. 22 Eye Mose tso atikplɔawo da ɖe agbadɔ, si me sea le la me. 23 Esi ŋu ke, eye Mose va agbadɔ, si me sea le me la, ekpɔ bena Aron, si tso Lewi-to me la, ƒe atikplɔ dze, eto aŋgba, eye wòƒo se hetse ku. 24 Tete Mose fɔ atikplɔawo katã le Yehowa ŋku me va Israel-viwo katã gbɔ, eye wokpɔ wo, eye amesiame gaxɔ eƒe atikplɔ. 25 Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Gagbugbɔ Aron ƒe atikplɔ yi se la ŋgɔ, bena woadzrae ɖo abe dzesi ene hena ame sẽtoawo, eye woadzudzɔ liʋĩliʋĩlilĩ le ŋkunye me, bena womagaku o. 26 Eye Mose wɔ nenema: alesi Yehowa de se nɛ la, nenema wòwɔ. 27 Eye Israel-viwo gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, miele kukum, eye miele tsɔtsrɔ̃m, mi katã miele tsɔtsrɔ̃m vɔ. 28 Amesiame, si te ɖe Yehowa ƒe nɔƒe ŋu la, ekuna! Ɖe miele kuku ge ava keŋkeŋa? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana