3 Mose 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nunɔlawo ŋuti kɔkɔ. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena: 2 Kplɔ nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye natsɔ awuawo, ami sisi la, nuvɔ̃vɔsa-nyitsu la, agbo eveawo kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le, 3 eye na ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. 4 Mose wo abe alesi Yehowa de se nɛ ene, eye ameha la ƒo ƒu ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. 5 Tete Mose gblɔ na, ameha la bena: Ale Yehowa de se be woawo enye si. 6 Eye Mose na Aron kple viaŋutsuawo te va, eye wòle tsi na wo. 7 Edo awutewui ʋlaya la nɛ, eye wotso alidziblanu bia edzi; emegbe wòdo dziwui la nɛ, eve wòdo kɔmewu la ɖe dzi; eyome wòtsɔ akɔblanu, si le kɔmewua ŋu la, bia akɔ nɛ, 8 etsɔ akɔtaɖonu la ɖo eŋu, eye wotsɔ Urim kple Tumim ɖe akɔtaɖonu la me; 9 emegbe wòtsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. 10 Eyome Mose tso ami sisi la, eye wòsii na nɔƒe la kple eme nuawo katã, eye wòwɔ wo kɔkɔe. 11 Ewu ami la ɖe vɔsamlekpuia ŋu zi adre, eye wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, tsileze la kple eƒe zɔ, be wòawɔ wo kɔkɔe. 12 Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu. 13 Eye Mose na Aron viŋutsuwo te va, wodo awutewui ʋlayawo, eye wòtsɔ alidziblanu bia wo dzi na wo, emegbe wòbia ta na wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 14 Eye wòna wohe nuvɔ̃vɔsanyitsu la ve, eye Aron kple viaŋutsuawo tsa woƒe asiwò ɖo nuvɔ̃vɔsanyitsua ƒe tame. 15 Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu. 16 Eye wòɖe ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miawo kpakple ayiku eveawo kple wo ŋu miawo. Eye Mose to dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. 17 Ke etɔ dzo nyitsu la, eƒe agbalẽ, eƒe lã kple dɔmemiwo le asaɖa la godo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 18 Eyome wòhe numevɔsagbo la vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo tso woƒe asi ɖo agbo la ƒe tame. 19 Eye Mose wui, eye wotsa ʋu la hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe. 20 Eye wòfli agbo la ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo; eye Mose tɔ dzo ta la, akpawo kple amiawo. 21 Ke etsɔ tsi kpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye Mose tɔ dzo agbo blibo la le vɔsamlekpui dzi. Numevɔsa, si nena lilili la wònye, dzovɔsa wònye na Yehowa, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 22 Emegbe wòhe agbo evelia, si nye ameɖogbo la vɛ, eye Aron kple viaŋutsuawo tsɔ woƒe asi ɖo agbo la ƒe tame. 23 Eye Mose wui hetsɔ ʋu la ƒe ɖe sisi ɖe Aron ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kpakple ɖusifɔdegblefetsu ŋu. 24 Eyome Mose na Aron viŋutsuawo le va, eye wotsɔ ʋu la ƒe ɖe sisi ɖe woƒe ɖusitogboewo, ɖusidegblefetsuwo kpakple ɖusifɔdegblefetsuwo ŋu. Eye Mose tsɔ ʋu mamlea hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe. 25 Eye wòɖe eŋu miwo: Asike la kple eŋu miwo, ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple ɖusita la. 26 Emegbe wotsɔ akaklã ɖeka, aboŋgo ɖeka kple tatali ɖeka le kusi, si me nu maʋamaʋãwo le le Yehowa ŋku me la me, heda ɖe amiawo kple ɖusita la dzi, 27 eye wòtsɔ nu siawo katã de asi me na Aron kple viaŋutsuawo henyè wo le Yehowa ƒe ŋku me. 28 Eye Mose xɔ nuawo le wo si ɖa ɖe numevɔsalã la dzi heto dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ameɖovɔsa, si ʋẽna lilili la wònye, dzovɔsa wònye na Yehowa. 29 Eyome Mose tsa ameɖogbo la ƒe akɔ, eye wònyèe le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòzu Mose to, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. 30 Eye Mose tsɔ ami sisi la kple nu, si le vɔsamlekpuia dzi la, ƒe ɖe wu ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu; ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu. 31 Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo bena: Miɖa lã la le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye miaɖu le afima kple abolo, siwo le ameɖokusi la me, abe alesi wode se nam be, Aron kple viaŋutsuawo naɖui ene. 32 Ke ne lã la kple aboloa ɖe tsi anyi la, miatɔ dzoe. 33 Migadzo le Mawu ƒe agbadɔ la nu ŋkeke adre sɔŋ o, vaseɖe gbesigbe mia ɖoɖo ŋkeke la nawu nu, elabena ŋkeke adree wole mia ɖo ge. 34 Alesi wowɔ egbea la, nenema Yehowa de se be, woawo ayi dzi, be woalé avu na mi. 35 Minɔ Mawu ƒe agbadɔ la nu ŋkeke adre sɔŋ zã kple keli, eye ŋkeke adre mialé ŋku ɖe Yehowa ƒe ɖoɖoawo ŋu, ne miagaku o, elabena nenema wòde se gblɔ. 36 Eye Aron kple viaŋutsuawo wo nusianu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana