Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

3 Mose 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Vɔsasa ŋu se bubuwo.

1 Esia nye fɔɖivɔsa ŋu se: Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.

2 Woawu fɔɖivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, eye woatsɔ eƒe nu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

3 Eye woatsɔ eƒe amiwo katã asa vɔe: Asike la kple eŋu miwo kpakple ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi,

4 ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la ŋu, kpakple aklã ŋu miawo; ayikuawo ŋu wòaɖe wo le.

5 Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, elabena dzovɔsa wònye na Yehowa; fɔɖivɔsae.

6 Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.

7 Nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖivɔsa wòsɔ, se ɖeka le wo ŋu; nunɔla, si tsɔe lé avui la, tɔ wònye.

8 Ne nunɔla sa numevɔ na amea ɖe la, ekema numevɔsalã la ƒe agbalẽ enye nunɔla tɔ.

9 Nuɖuvɔsa, siwo katã woƒona ɖe kpo me, woɖana le ze me alo wotɔna le agba me la, nanye nunɔla, si tsɔe sa vɔe la tɔ.

10 Eye nuɖuvɔsa, siwo katã woɖe amii alo wole ɣeɣe la, nye Aron viŋutsuwo dome ɖesiaɖe tɔ.

11 Esia nye akpedavɔ, si amea ɖe asa na Yehowa la ŋu se;

12 Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.

13 Ke wòatsɔ abolo ʋaʋã akpe ɖe eƒe kafukafu-kple akpedavɔsalã la ŋu.

14 Eye wòadzɔ eƒe nunanawo tatata na Yehowa; esia nanye nunɔla, si hlẽa akpedavɔsalã ƒe ʋu la tɔ.

15 Woaɖu eƒe kafukafu-kple akpedavɔsalã la le gbesigbe wosa vɔ la, eye womagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe eɖzi o.

16 Ke ne amea ɖe ɖe adzɔgbe alo dzi dzɔe wòsa vɔ la, ekema woaɖu vɔsalã la le gbesigbe wosa vɔ la, eye ne ŋu ke ɖe dzi hã, wokpɔ mɔ aɖu mamlea.

17 Vɔsalã, si tsi anyi vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe la, woatɔ dzoe.

18 Eye ne amea ɖe aɖu eƒe akpedavɔsalã le ŋkeke etɔ̃agbe la, womagaxɔe nɛ o, eye womabui na amesi sa vɔ la o; lã makɔmakɔ wòanye, eye amesi aɖu eƒe ɖe la, fɔɖiɖi la anɔ edzi.

19 Ne lã la ƒe ɖe ka nu makɔmakɔa ɖe ŋu la, womaɖui o, boŋ woatɔ dzoe. Amesiame, si ŋu kɔ la, kpɔ mɔ aɖu lã la.

20 Amesi ŋu mekɔ o, gake woɖu akpedavɔsalã, si nye Yehowa tɔ la, woatsɔe ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

21 Ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye amea ɖe ƒe nu makɔmakɔ, lã makɔmakɔ alo ŋunyɔnu makɔmakɔa ɖe ŋu o, eye woɖu akpedavɔsa, si nye Yehowa tɔ ƒe ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

22 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena.

23 Gblɔ na Israel-viwo be: Miekpɔ mɔ aɖu nyi, ale alo gbɔ ƒe amia ɖeke o.

24 Ke miate ŋu awɔ lã kukuwo kple lã, siwo nu lé la, ƒe ami ŋu ɖɔ, gake miaɖui o.

25 Amesiame, si aɖu lã, si wotsɔ sa dzovɔ na Yehowa, ƒe ami la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

26 Miekpɔ mɔ aɖu xe alo lãfɔneewo ƒe mũ le mia nɔƒewo katã o.

27 Amesiame, si aɖe nu ʋua ɖe ŋu la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

28 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:

29 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne amea ɖe sa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòaɖe nusiwo nye Yehowa tɔ le eƒe akpedavɔsalã ŋu la vɛ.

30 Eya ŋutɔ natsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa la vɛ; lã la ƒe ami kple eƒe akɔ wòatsɔ ve, eye woanye akɔ la le Yehowa ƒe ŋku me.

31 Nunɔla natɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke akɔ la nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ.

32 Ɖusita la hã nye nunɔla tɔ le miaƒe akpedavɔsawo me.

33 Aron viŋutsuwo dometɔ, si tsɔ akpedavɔsalã ƒe ʋu kple ami sa vɔe la, tɔ enye ɖusita la.

34 Elabena meɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me na nunɔla Aron kple viaŋutsuawo. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo tegbee.

35 Esia nye Aron kple viaŋutsu wo ƒe gome le Yehowa ƒe dzovɔsa la me, gbesigbe woɖo nunɔladɔ me, be woasubɔ Yehowa,

36 gome, si Yehowa de se bena, Israel-viwo natsɔ na wo, le gbesigbe wòsi ami na wo la. Ɖoɖo mavɔ wòanye na woƒe dzidzimeviwo.

37 Esia nye numevɔsa, nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa, fɔɖivɔsa, ameɖovɔsa kpakple akpedavɔsa ŋuti sewo;

38 se, siwo Yehowa de na Mose le Sinai-to la dzi, le gbesigbe wòde se na Israel-viwo le Sinai-gbedzi, be woasa va na Yehowa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa