Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

3 Mose 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuvɔ̃vɔsa ŋu se.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

2 Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.

3 Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.

4 Eye wòakplɔ nyitsu la ava Mawu ƒe agbadɔ la nu le Yehowa ŋku me, atsɔ eƒe asi aɖo nyitsu la ƒe tame, eye woawu nyitsu la le Yehowa ƒe ŋku me.

5 Eyome nunɔla si wòsi ami na la, naku nyitsu la ƒe nu ƒe ɖe ayi Mawu ƒe agbadɔ la me

6 Eye nunɔla la nade eƒe asi ʋu la me ahlẽ zi adre ɖe avɔ, si tso kɔkɔeƒea me la gbã le Yehowa ŋku me.

7 Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.

8 Eye wòaɖe amiawo katã le nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu la ŋuti: Ami, si tsyo dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,

9 ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la ŋu kpakple aklã ŋu miawo, ayikuawo ŋu wòaɖe wo le,

10 abe alesi woɖea wo le akpedavɔsanyitsu la ŋu ene. Eye nunɔla nato dzo wo le numevɔsamlekpui la dzi.

11 Ke wòatsɔ nyitsu la ƒe agbalẽ kple eƒe lã katã, eƒe ta kple afɔwo, eƒe dɔmenuwo kple eƒe miwo,

12 gɔ̃ nyitsu blibo la ayi teƒe kɔkɔe, afisi woƒua afi gbe ɖo, le asaɖa la godo, eye woatɔ dzoe le nake dzi; afisi woƒua afi gbe ɖoe, wòatɔ dzoe ale.

13 Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,

14 emegbe wodze si nuvɔ̃, si wowɔ la, ekema ha la natsɔ nyitsu ɖagbea ɖe asa nuvɔ̃vɔe, eye woakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ.

15 Ha la me ame tsitsiwo natsɔ woƒe asiwò aɖo nyitsu la ƒe tame le Yehowa ƒe ŋku me, eye woawu nyitsu la le Yehowa ƒe ŋku me.

16 Eyome nunɔla, si wòsi ami na la, naku nyitsu la ƒe nu ƒe ɖe ayi Mawu ƒe agbadɔ la me.

17 Eye nunɔla la nade eƒe asi ʋu la me, ahlẽ zi adre ɖe xɔmetsovɔ la gbɔ le Yehowa ƒe ŋku me.

18 Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.

19 Eye wòaɖe ami, siwo katã le eŋu la, atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi.

20 Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.

21 Eye wòatsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo atɔ dzoe, abe alesi wòto dzo nyitsu gbãtɔ ene, elabena ha ƒe nuvɔ̃ŋutivɔsae.

22 Ne amegãa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòdi fɔ,

23 emegbe wòdze si nuvɔ̃, si wòwɔ la, ekema wòatsɔ gbɔ̃tsu, si sɔ blibo, asa vɔe.

24 Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo gbɔ̃tsu la ƒe tame, eye woawui ɖe afisi wowua numevɔsalã le le Yehowa ƒe ŋku me, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

25 Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.

26 Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.

27 Ne dukɔ la dometɔa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye woɖi fɔ,

28 emegbe wòdze si nuvɔ̃, si wòwɔ la, ekema wòatsɔ gbɔ, si sɔ blibo, asa vɔe ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.

29 Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe tame, eye wòawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ɖe afisi wowua numevɔsa ɖo.

30 Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi eƒe nu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.

31 Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.

32 Nenye alẽvi wòbe, yeatsɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe la, ekema wòanye nɔe, si sɔ blibo,

33 eye wòatsɔ eƒe asi aɖo nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe tame, eye woawui wòanye nuvɔ̃vɔsa, ɖe afisi wowua numevɔsalã le.

34 Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.

35 Eye wòaɖe eƒe amiwo katã le eŋu, abe alesi wòɖea ami le akpedavɔsalã ŋu ene, eye nunɔla natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa ƒe dzovɔsalã la dzi ato dzo wo. Ale nunɔla alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃, si wowɔ la ta, eye woatsɔe akee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa