Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

3 Mose 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akpedavɔsa ŋu se.

1 Ne ebe, yeatsɔ nyi asa akpedavɔe la, ekema wòatsɔ esi sɔ blibo, eɖanye atsu alo nɔ o, asa vɔ lae na Yehowa.

2 Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

3 Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,

4 ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la ŋu kpakple aklã ŋu miawo; ayikuawo ŋu wòaɖe wo le.

5 Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.

6 Nenye alẽ wòbe, yeatsɔ asa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ esi sɔ blibo, eɖanye atsu alo nɔ o, asa vɔ lae.

7 Nenye alẽvi wotsɔ be, yeasa vɔ lae la, ekema wòakplɔe ava Yehowa ŋku me,

8 eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

9 Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Lã la ƒe ami, asike la kple eŋu nuwo, wòaɖee ɖe aligoe la nu; ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,

10 ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la ŋu kpakple aklã ŋu miawo; ayikuawo ŋu wòaɖe wo le.

11 Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.

12 Nenye gbɔ wòbe, yeatsɔ asa vɔ lae la, ekema wòakplɔe ava Yehowa ŋku me,

13 eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

14 Eyome wòaɖe nusiawo le eƒe vɔsalã la ŋu, asa dzovɔe na Yehowa: Ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu;

15 ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la nu kpakple aklã ŋu miawo; ayikuawo ŋu wòaɖe wo le.

16 Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.

17 Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo ʋua ɖeke o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa