Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

3 Mose 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Amesi kpɔ mɔ aɖu nusiwo ŋuti wokɔ.

1 Eve Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Ƒo nu kple Aron kple viaŋutsuawo bena, woakpɔ nyuie le Israel-viwo ƒe nu kɔkɔe, siwo ŋu wokɔ nam la ŋu, bena womaga ƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa!

3 Gblɔ na wo bena: Ne mia viwo alo miaƒe dzidzimeviwo dometɔa ɖe ŋu mekɔ o, eye wote ɖe nunana kɔkɔe, siwo ŋu Israel-viwo kɔ na Yehowa ŋuti la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le nye ŋku ta. Nyee nye Yehowa!

4 Ne Aron viwo dometɔa ɖe dze anyi alo le atu ɖɔm la, mekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la ɖeke o, vaseɖe esime eŋu nakɔ hafi. Ne amea ɖe ka asi amesi gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu, alo amesi nyẽ tsi ŋuti,

5 alo amea ɖe ka asi nu gbagbea ɖe, si ŋu mekɔ o la ŋuti, alo ka asi amea ɖe, si ŋu mekɔ o, alo nu makɔmakɔ bubua ɖe ŋuti la,

6 amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.

7 Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu kɔ, emegbe ekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la, elabena eƒe nuɖuɖu wònye.

8 Mekpɔ mɔ aɖu lã kuku alo lã, si nu lé o, ava gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa!

9 Woalé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu bena womagagblẽ kɔ ɖo, eye nuvɔ̃ nanɔ wo dzi woaku o. Nyee nye Yehowa, si kɔ wo ŋu!

10 Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o, eye amedzro, si le agbatedɔ wɔm na nunɔla la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.

11 Ne nunɔla ƒle amea ɖe kple ga la, ekema ame la kpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la, eye amesi wodzi ɖe eƒe me hã kpɔ mɔ aɖu eƒe nuɖuɖu la.

12 Ne nunɔla ƒe vinyɔnu ɖe to bubu me tɔa ɖe la, mekpɔ ma aɖu nunana kɔkɔe, si nye adzo la o.

13 Ke ne nunɔla ƒe vinyɔnu zu ahosi, alo wogbee, eye vi mele esi o, eye wòtrɔ va le fofoa ƒe me, abe alesi wònɔe le eƒe ɖetugbime ene la, ekpa mo aɖu fofoa ƒe nuɖuɖu la, ɖeko to bubu me toa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.

14 Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖu nu kɔkɔea la, ekema woaɖo nu kɔkɔe la teƒe na nunɔla, eye wòatsɔ nu la ƒe mamã atɔ̃lia akpe ɖe ŋu.

15 Eye womegagblẽ kɔ ɖo na Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, si wodzo na Yehowa la o.

16 Eye womegana woaɖu woƒe nunana kokoe la, aɖa vo, eye woƒe fɔɖiɖi la nanɔ wo dzi o. Nyee nye Yehowa, si ko wo ŋu!


Vodada maganɔ vɔsawo ŋu o.

17 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

18 Ƒo nu kple Aron kple viaŋutsuwo kpakple Israel-viwo katã, eye nagblɔ na wo bena: Ne Israeltɔa ɖe alo amedzro, si le Israel be, yeasa numevɔ, eɖanye adzɔgbe wòɖe hafi, alo eɖokui si wòna nu Yehowa le o la,

19 ekema wòana lãtsui, si so blibo, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃, bena miaƒe nu nadze eŋu.

20 Migatso lã, si nu wo la, sa vɔe o; elabena mana miaƒe nu nadze eŋu o.

21 Ne amea ɖe ɖe adzɔgbe, alo le eɖokui si wòbe, yeasa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ nyi alo alẽ, si so blibo, eye nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, bena ame la ƒe nu nadze eŋu.

22 Migatsɔ lã, si ƒe ŋku gbã alo eƒe ata ŋe, exɔ abi alo nuƒoƒo le eŋu, edze haƒla alo eŋu ƒlɔ la, sa vo na Yehowa o, eye migatsɔe sa dzovɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi o.

23 Nenye ɖokuiwò si nèbe, yeana nu le la, ekema èkpɔ mɔ ana nyi alo alẽ, si ŋutinua ɖe didi gbɔ me alo to ɖe me; ke nenye adzɔgbee neɖe la, womaxɔe o.

24 Ke miekpɔ mɔ atsɔ lã, si nèto voku na, woha vo le egɔme, alo wotae la, asa vo na Yehowa o. Miekpɔ mɔ awɔ esia tɔgbe le miaƒe anyigba dzi o.

25 Migaƒle wo le amedzrowo si o, eye miekpɔ mo atso wo tɔgbe awɔ nuɖuɖu na miaƒe Mawu o, elabena nu wo wo, eye wo ŋuti mesɔ o; womaxɔ wo na mi o.

26 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

27 Ne wodzi nyi, alẽ alo gbɔ̃via ɖe la, wòanɔ ɖada gbɔ ŋkeke adre; ke ne exɔ ŋkeke enyi alo wu nenema, eye wotsɔe sa dzovɔ na Yehowa la, woaxɔe.

28 Miekpɔ mo awu nyi alo alẽ kple via siaa gbe ɖeka o.

29 Ne miesa kafukafuvɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, wòadze eŋu.

30 Gbemagbe ke woaɖui, eye migasusɔ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Nyee nye Yehowa!

31 Eyata milé ŋku ɖe nye seawo ŋu, eye miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa!

32 Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o, bena woakɔ ŋunye le Israel-viwo dome. Nyee nye Yehowa, si wo mi kɔkɔe,

33 eye mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu, nye Yehowa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa