Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

3 Mose 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔlawo ŋuti nakɔ.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la bena: Nunɔlaa ɖeke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu le eƒe dukɔ la dome o;

2 negbe eƒe ƒometɔ kekeake ŋu ko wòagblẽ kɔ ɖo, abe dada kple fofoa, viaŋutsu kple vianyɔnu, nɔviaŋutsu

3 kpakple nɔvianyɔnu, si nye ɖetugbi, eye wògogoe, eye ŋutsua ɖeke meɖee haɖe o la ene

4 Ke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kukua ɖeke ŋu le eƒe dukɔ la dome, bena woaƒo ɖi eɖokui o.

5 Womegalũ dzodome kokoe o, womegafɔ woƒe ge dzi o, eye womegasi blini ɖe ŋuti o.

6 Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.

7 Womekpɔ mɔ aɖe gbolo, nyɔnu, si gblẽ, alo nyɔnu, si srɔ̃ gbe o; elabena ame kɔkɔewo wonye na woƒe Mawu.

8 Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.

9 Ne nunɔlaa ɖe ƒe vinyɔnu gblẽ le ahasi wɔm la, ekema eƒo ɖi fofoa; ele be, woatɔ dzoe.


Nuwɔametɔ maganɔ nunɔlawo dome o.

10 Ke amesi nye nunɔlagã le nɔviawo dome, amesi ƒe tame wokɔ ami sisi la ɖo, eye woɖoe, bena woaɖo awuawo la, mekpɔ mɔ akaka ɖa ɖe ta o, eye madze eƒe awuwo hã o.

11 Eya mekpɔ mɔ ava ame kukua ɖeke gbɔ o, eye magblẽ kɔ ɖo ɖe fofoa alo ɖada ŋu gɔ̃ hã o.

12 Mado go le kɔkɔeƒe la o, bena magagblẽ kɔ ɖo na eƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la o, elabena eƒe Mawu ƒe ami sisi kɔkɔe le eŋu Nyee nye Yehowa!

13 Ɖetugbi atiati wòaɖe.

14 Mekpɔ mɔ aɖe ahosi alo nyɔnu, si gbe atsu, nyɔnu, si gblẽ, alo gbolo o: ke boŋ ɖetugbi wòaɖe tso eƒe dukɔ me viwo dome;

15 bena viawo nagaɖi gbɔ le eƒe dukɔ me viwo dome o. Nyee nye Yehowa, si kɔ eŋu!

16 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

17 Gblɔ na Aron be: Ne viawo alo woƒe dzidzimeviwo dometɔa ɖe nye nuwɔametɔ la, megate va, be wòatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔe o.

18 Nuwɔametɔa ɖeke megate va o, eɖanye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃ o, eɖanye ŋɔtiagbãtɔ alo amesi ƒe ŋutinua ɖe le blaya o,

19 eɖanye ataŋeŋetɔ alo abɔŋeŋetɔ o,

20 eɖanye kponɔ alo amesi ɖi ku glaŋ o, eɖanye amesi atɔsi le ŋku dzi na alo amesi dze akpa o, eɖanye amesi dze haƒla alo amesi ɖo vo o.

21 Amesiame, si nye nuwɔametɔ le nunɔla Aron viwo dome la, mekpɔ mɔ ate va asa Yehowa ƒe dzovɔ o; nuwɔametɔ wònye, eyata mekpɔ mɔ atsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔe o.

22 Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.

23 Ɖeko mekpɔ mɔ ava xɔmetsovɔ la gbɔ o, eye mekpɔ mɔ ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, elabena nuwɔametɔ wònye, bena magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔeawo o; elabena nye Yehowa ŋutɔe kɔ wo ŋu.

24 Eye Mose ƒo nu kple Aron kple viaŋutsuwo kpakple Israel-viwo katã.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa