3 Mose 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ʋu ɖeka me tsolawu nagaɖe wo nɔewo o. Nuvɔ̃ vlo bubuwo. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu. 3 Migawɔ Egipte-nyigba, si dzi mienɔ la, dzinɔlawo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ Kanaan-nyigba, si dzi mekplɔ mi yinae la, dzitɔwo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ woƒe ɖoɖowo dzi hã o. 4 Miwɔ nye sewo dzi, eye milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, ne miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu! 5 Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi woa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa. 6 Amea ɖeke megamlɔ eƒe ƒometɔ kekeake gbɔ ade asi eŋu o. Nyee nye Yehowa. 7 Megaɖe ama fofowò o, eye megade asi dawo ŋu o; dawò wònye, eyata megade asi eŋu o. 8 Megade asi fofowò srɔ̃ ŋu o, elabena eƒe ama nye fofowò tɔ. 9 Megaɖe asi nɔviwònyɔnu, fofowò vinyɔnu alo dawò vinyɔnu, si wodzi ɖe aƒe alo ɖe afi bubu la ŋu o. 10 Megaɖe asi viwòŋutsu ƒe vinyɔnu alo viwònyɔnu ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ wò ama wònye. 11 Megaɖe asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ fofowòe dzii, eye nɔviwònyɔnu hãe wònye. 12 Megade asi fofowò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena eya kple fofowòe dzɔ tso dɔ ɖeka me. 13 Megade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena eya kple dawòe dzɔ tso ɖɔ ɖeka me. 14 Megaɖe ama fofowò nɔviŋutsu o, eye megamlɔ srɔ̃ gbɔ hã o, elabena dawòɖiae. 15 Megaɖe asi viwòŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o. 16 Megade asi nɔviwòŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwòŋutsu ƒe amae. 17 Megaɖe asi nyɔnua ɖeke kple vianyɔnu siaa ŋu o, eye megaɖe asi viaŋutsu ƒe vinyɔnu kple vianyɔnu ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ kekeakewo wonye; ŋukpenanu wònye. 18 Ne srɔ̃wò le agbe la, megaɖe nɔvianyɔnu kpe ɖe eŋu o, eye megaɖe asi eŋu hã o, bena nagadɔ atsusidzre o. 19 Ne nyɔnua ɖe kpɔ dzinu la, megamlɔ egbɔ ade asi eŋu o. 20 Megaɖe asi hawòvi srɔ̃ ŋu, bena nado ŋunyɔ ɖokuiwò o. 21 Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa. 22 Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye. 23 Megade asi lã ŋu ahado ŋunyɔ ɖokuiwò o, eye nyɔnua ɖeke megana lã nayɔ asii o, ŋukpenanu vɔ̃ɖi wònye. 24 Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nyã ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo heɖo ŋunyɔ wo ɖokui, 25 eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. 26 Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo kple seawo ŋu, eye migawɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖeke o, eɖanye duamevi alo amedzrovi, si le mia dome la o; 27 elabena anyigbadzitɔ, siwo nɔ mia ŋgɔ la, wɔ ŋunyɔnu siawo katã, eye anyigba la gblẽ; 28 ne anyigba la nagatu miawo hã aƒu gbe, le esi miegblẽe ta, abe alesi wòtu dukɔ, si nɔ mia ŋgɔ la, ƒu gbe ene o. 29 Ne amea ɖe wɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖe la, woatsrɔ̃ amesi wɔe la ɖa le eƒe dukɔ la dome. 30 Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana