Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

3 Mose 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ɖoɖo le afisi woasa vɔ la ŋuti.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Ƒo nu kple Aron kple viaŋutsuwo kpakple Israel-viwo katã, eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa ɖe se be, woawɔ enye si:

3 Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe wu nyi, alẽ alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo le asaɖa la godo,

4 eye metsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe nɔƒe la nu o la, ekema ame la do hlɔ̃; ekɔ ʋu ɖi, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome.

5 Eyata Israel-viwo natsɔ woƒe vɔsalã, siwo wonɔa wuwum le gbedzi la, avae na nunɔla le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woasa akpedavɔ na Yehowa.

6 Eye nunɔla nawu ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋu le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woatɔ dzo amiawo, bena woaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

7 Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.

8 Gblɔ na wo bena: Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome la, wu numevɔsalã alo akpedavɔsalã,

9 eye mietsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa o la, woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Wotsri ʋu kple nu kuku ɖuɖu.

10 Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.

11 Elabena agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme.

12 Eyata megblɔ na Israel-viwo be: Mia dometɔa ɖeke megaɖu nu o, eye amedzrovi, si le mia dome, hã megaɖu ʋu o.

13 Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, da ade wu gbemelã alo xevia ɖe, si woɖuna la, ekema wòaɖuɖu eƒe ʋu ɖe anyigba, eye wòaxe ke ɖe dzi.

14 Lãwo katã ƒe agbe le woƒe ʋu me, eyata megblɔ na Israel-viwo be: Migaɖu lãa ɖeke ƒe nu o, elabena lãwo ƒe nu enye woƒe agbe. Amesiame, si aɖui la, woatsɔe ɖa.

15 Ne duamevi alo amedzrovia ɖe ɖu lã kuku alo lã, si nu lé la, ekema wòanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe eŋu kɔ.

16 Ke ne menya wo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi le edzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa