2 Samuel 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid ƒe dziɖuɖu kpɔkpɔ kple ele kesinɔnu. Dɔwɔlawo ɖoɖo. 1 Eye wòva me le nusiawo megbe bena, Dawid si Filistitɔwo, eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, eye Dawid xɔ du gã me dziɖuɖu le Filistitɔwo si. 2 Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ. 3 Eye Dawid si Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, esi wòva be, yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu. 4 Dawid lé sɔdola akpe ɖeka kple alafa adre kpakple afɔzɔla akpe blave, eye Dawid du ata na so, siwo katã wotsi ɖe tasiaɖamwo ŋu la, negbe sɔ alafa ɖeka ko wõkpɔtɔ ɖi. 5 Eye esi Aramtɔwo tso Damasko, be woava xɔ na Zoba-fia Hadadezer la, Dawid wu ame akpe blave vɔ eve le Aramtɔwo dome. 6 Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi. 7 Eye Dawid xɔ sikakpoxɔnu, siwo le Hadadezer ŋu mewo si la, hetsɔ va Yerusalem. 8 Eye fia Dawid xɔ akɔbli geɖe fũ le Beta kple Berotai, siwo nye Hadadezer ƒe duwo me. 9 Esi Xamat-fia Toi se bena, Dawid si Hadadezer ƒe aʋakɔ bliboa la, 10 Toi do via Yoram ɖe fia Dawid, ne wòado gbe nɛ, woadi dzɔgbenyuie ne, eye wõayrae le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii la ta, elabena Toi kple Hadadezer wole kè me; eye wòhe klosalonuwo, sikanuwo kple akɔblinuwo ɖe asi vɛ. 11 Eye fia Dawid ka woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔ, siwo katã dzi woɖu la si, eye wòkɔ wo ŋu la ŋuti. 12 Exɔ wo le Aramtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si hekpe ɖe nusiwo woha le Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi si la ŋuti. 13 Eye Dawid ƒe ŋkɔ nyɔ. Esi wògbɔ tso Aramtɔwo siƒe la, ewu Edomtɔ akpe wuienyi le dzeʋe la mea. 14 Eye wòɖe amewo ɖo Edom, Edom blibo lae wòɖe amewo ɖoe, eye Edomtɔwo katã zu Dawid ƒe dɔlawo. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi. 15 Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la. 16 Yoab, Zeruya vi, le aʋakɔ la nu, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe tsiami; 17 Zadok, Axitub vi, kple Aximelex, Abyatar vi, wonye nunɔlawo, eye Seraya nye agbalẽŋlɔla; 18 Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu, eye Dawid viŋutsuwo nye aɖaŋuɖolawo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana