Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Samuel 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nubablaɖaka la tsɔtsɔ yi Yerusalem. Mixal ɖu fewu le Dawid ŋu.

1 Eye Dawid gaƒo Israel ƒe ame tiatiawo katã nu ƒu, wole ame akpe blaetɔ̃.

2 Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.

3 Woɖa Mawu ƒe aɖaka la ɖe tasiaɖam yeyea ɖe me, eye wotsɔe tso Abinadab ƒe aƒe, si le togbɛ dzi la me, eye Abinadab viwo Usa kple Axio kplɔ tasiaɖam yeye la.

4 Esi wotsɔe tso Abinadab ƒe aƒe, si le togbɛ dzi me la, wozɔ Mawu ƒe aɖaka la xa, ke Axio dze aɖaka la ŋgɔ.

5 Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.

6 Esi wova Naxon ƒe lugbɔƒe la, Usa do asi ɖa lé Mawu ƒe aɖaka la, elabena nyiawo dze ɖe aga.

7 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.

8 Tete wòve Dawid be, Yehowa ɖe Usa ɖa, eye wòna ŋkɔ teƒe ma be Perez-Usa vaseɖe egbe.

9 Eye Dawid vɔ̃ Yehowa gbemagbe hegblɔ be: Aleke Yehowa ƒe aɖaka la ava gbɔnye?

10 Eye Dawid melɔ̃ be, woatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava ye gbɔe le Dawid ƒe ɖu la me o; eye Dawid na be, woaɖadroe ɖe Gattɔ Obed-Edom ƒe me.

11 Ale Yehowa ƒe aɖaka la tsi Gattɔ Obed-Edom ƒe me dzinu etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom kple eƒe aƒe blibo la.

12 Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.

13 Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.

14 Dawid ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋku me, eye Dawid do aklala-kɔmewu.

15 Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la te aseye tsom le kpẽ kum hetsɔ Yehowa ƒe aɖaka la yii.

16 Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.

17 Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ, si Dawid tu nɛ la me, eye Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ le Yehowa ŋku me.

18 Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ me.

19 Eye Dawid ma abolo bɔbɔ, lãkɔ kple weintsetse ƒuƒu abolo ɖekaɖeka na dukɔ la katã, si nye Israel ƒe ameha blibo la dome amesiame, eye dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔ nu.

20 Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!

21 Tete Dawid gblɔ na Mixal bena: Yehowa, amesi ŋu nye nu nyo wu fofowò kple eƒe aƒe blibo la, eye wòtsɔm ɖo amegã ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu la, ŋku mee meɖu ɣe le!

22 Ne meɖi gbɔ, eye medo yakame ɖokuinye ʋuu hã la, ɖe mebe, made bubu ɖokuinye ŋu le dɔlanyɔnu, siwo ŋu nèƒo nu le la ŋku me.

23 Ke Saul vinyɔnu Mixal tsi ko vaseɖe eƒe kugbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa