Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Mose 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Fukpekpe evelia akpɔkplɔwo.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Do wo asi kple atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo dzi, eye nahe akpɔkplɔwo ava Egipte-nyigba la dzi!

2 Tete Aron do eƒe asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tɔwo dzi, eye akpɔkplɔwo do hexɔ Egipte-nyigba la dzi.

3 Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.

4 Tete Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ be: Miɖe kuku na Yehowa, bena woana mia kple nye dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me, ekema maɖe asi le dukɔ la ŋuti, bena woaɖasa vɔ na Yehowa.

5 Mose ɖo ŋu na Farao bena: Ele asiwò me! Ɣekaɣie maɖe kuku la ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple wò dukɔ la ta, bena akpɔkplɔawo nadzo le ŋuwo kple aƒewò me, eye woasusɔ ɖe Nil ko me?

6 Eɖo ŋu be: Etso! Eye wògblɔ be: Ava me, abe alesi nedi ene, bena nanyae be, amea ɖeke mede Yehowa, mia Mawu la nu o.

7 Wò ŋuta kple wò aƒe, ŋuwò mewo kple wo dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔwo si me, negbe Nil me ko woasusɔ ɖo

8 Esi Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ la, Mose do gbe ɖa na Yehowa le akpɔkplɔ, siwo wokplɔ ƒu Farao la ŋuti.

9 Eye Yehowa wɔ Mose ƒe nya la dzi, eye akpɔkplɔ, siwo le aƒewo me, xɔxɔnuwo kple agblewo me la, ku.

10 Eye wolɔ wo li kɔ gagãwoe, eye anyigba la katã dzi va ʋeʋẽ ge kũ.

11 Ke esi Farao kpɔ bena, yekpɔ gbɔdzɔe la, esẽ eƒe dzime, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Fukpekpe etɔ̃lia: mũwo.

12 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Tsɔ wo atikplɔ, eye naƒo ke me le anyigba dzi, ekema atrɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.

13 Eye wòwɔ nenema Aron do eƒe asi kple atikplɔ ɖa, eye wòƒo ke me le anyigba dzi. Tete mũwo do ɖe amewo kple lãwo ŋu; ke, siwo katã le anyigba dzi la, trɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.

14 Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu.

15 Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Fukpekpe enelia: togbatowo.

16 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, ne eyi tɔa nu la, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!

17 Ke ne ègbe asiɖeɖe le nye dukɔa ŋu la, ekema mana togbatowo nava ɖo wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dome, eye woava aƒewò me; Egipte-tɔwo ƒe xɔwo me kple anyigba, si dzi wotsi tre ɖo gɔ̃ hã ayɔ fũ kple togbatowo.

18 Gbemagbe maɖe Gosen-nyigba, si dzi nye dukɔ le la, le eme, eye togbatoawo made afima o, bena nanyae be, nyee nye Yehowa le anyigba la dzi.

19 Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!

20 Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.

21 Eye Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: Enyo, miɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi!

22 Mose ɖo ŋu bena: Menyo bena, míawɔ nenema o, elabena nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo la, tsɔ ge míala asa vɔ na Yehowa, mía Mawu la. Azɔ ne mietsɔ nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo le woƒe ŋku me la, ɖe womaƒu kpe mí oa?

23 Míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mo ayi gbeɖzi, ne míasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la le afima, abe alesi wòɖe se na mí ene.

24 Farao gblɔ bena: Maɖe asi le mia ŋu, be miaɖasa vɔ na Yehowa, mia Mawu la le gbedzi, ke ɖeko migayi didiƒe akpa o. Eye miaɖe kuku ɖe nye hã tanye.

25 Mose ɖo ŋu bena: Ne menya dzo le gbɔwò ko, maɖe; kuku na Yehowa, bena wòana togbatoawo nadzo le Farao kple eŋu mewo kpakple dukɔ la dome etsɔ; ɖeko Farao megablem agbe asiɖeɖe le dukɔ la ŋu, be womagayi aɖasa vɔ na Yehowa o!

26 Tete Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa.

27 Eye Yehowa wɔ, Mose ƒe nyawo dzi, eye wòɖe togbatoawo ɖa le Farao kple eŋu mewo kpakple dukɔ la dome, ale be ɖeka hã hã megasusɔ ɖi o.

28 Ke Farao sẽ eƒe dzime fifia hã, eye meɖe asi le dukɔ la ŋu woyi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa