2 Mose 38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Agbadɔ la ƒe kpɔ me nuwo. 1 Eye wòtsɔ xé kpa numevɔsamlekpui la; edidi abɔklugui atɔ, eye wokeke abɔklugui atɔ̃; dzogoe ene me wòle, eye wòkɔ abɔklugui etɔ. 2 Èwɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi, eye dzoawo wo ɖeka kplii, eye wòfa akɔbli ɖe eŋu. 3 Eye wowɔ vɔsamlekpui ŋu nuawo katã, siwo nye: afilɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo; akɔbli wòtsɔ wɔ eŋu nuawo katãe. 4 Eyome wòtsɔ akɔbli wɔ adzrala abe ɖɔ ene ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo tso ete vaseɖe titina. 5 Eye wòkɔ asigɛ ene ɖe akɔblidzrala la ƒe dzogoe eneawo dzi, bena woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me. 6 Etsɔ xé kpa kpoawo, eye wòfa akɔbli ɖe wo ŋu. 7 Eye wòtsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, bena woate ŋu atsɔ wo akɔe. Ʋuƒo wotsɔ wɔe, eye to le eme. 8 Etsɔ akɔbli wɔ tsileze la kple eƒe zɔ; nyɔnu, siwo subɔna le Mawu ƒe agbadɔa nu la, ƒe ahuhɔ̃ewo wòtsɔ wɔe. 9 Eyome wòtɔ kpɔ la. Etsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ hena kpɔ la ƒe dziehekpa, si didi abɔklugui alafa ɖeka. 10 Eye wòkpa kpɔti blave, siwo gɔme akɔblifɔ blave le, ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiwoe. 11 Anyiehekpa la didi abɔklugui alafa ɖeka, eye wòkpa kpɔti blave, siwo gɔme akɔblifɔ blave le, ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛawo kple heletiawoe. 12 Avɔ, si le kpɔ la ƒe ɣetoɖoƒe gome la, didi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkpa kpɔti ewo, siwo gɔme afɔ ewo le la, ɖe enu, eye wotsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiawoe. 13 Ɣedzeƒekpa le abɔklugui blaatɔ̃. 14 Avɔ abɔklugui wuiatɔ̃ le eƒe akpa ɖeka, eye kpɔti etɔ̃, siwo gɔme afɔ etɔ le la, kpe ɖe eŋu. 15 Avɔ, si le akpa evelia, le abɔklugui wuiatɔ̃, eye kpɔti etɔ̃, siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la, kpe ɖe eŋu; alea wole agbo la ƒe akpawo kple evee. 16 Ɖeti ɣi dada wotsɔ lɔ̃ avɔ, siwo katã le kpɔ la ŋu godoo lae. 17 Kpɔtiawo ƒe afɔwo nye akɔbli, eye wo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiwo nye klosalo, eye wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Kpɔtiawo ŋu heletiwo katã nye klosalo. 18 Eye wòna avɔlɔ̃lawo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ, bena woatsɔ atu kpɔ la ƒe agbo la nu; edidi abɔklugui blave, eye wòkeke abɔklugui atɔ̃ ɖe kpɔ la ƒe kɔkɔme nu, abe alesi kpɔ la ƒe avɔ bubuawo kekee ene. 19 Ekpa kpɔti ene, siwo gɔme akɔblifɔ ene le la, ɖe eŋu; wo ŋu gatagbadzɛawo nye klosalo, efa klosalo ɖe wo tame, eye wo ŋu heletiawo nye klosalo. 20 Agbadɔ la ŋu tsyotiwo katã kple kpɔ la ŋu tsyotiwo katã nye akɔbli. Sika, klosalo kple akɔbli ƒe xexlẽme. 21 Esia enye nɔƒe la, si sea le la, ƒe home, si nunɔla Aron viŋutsu Itamar bu na Lewitɔwo le Mose ƒe nya la nu. 22 Bezaleel, Uri viŋutsu, si enye Xur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la me, wɔ nusianu abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene. 23 Eye Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me kpe ɖe eŋu, amesi nye aɖaŋunuwo kpala, eye wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi lɔ aɖaŋuvɔ ƒomevi vovovowo. 24 Sika, siwo katã ŋu dɔ wowɔ le kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo katã me, sika, siwo wodzɔ la, le talento blave vɔ asieke kple sekel kɔkɔe alafa adre blaatɔ̃. 25 Eye klosalo, siwo ame xexlẽawo na la, le talento alafa ɖeka kple sekel kɔkɔe akpe ɖeka alafa adre blaadre vɔ atɔ̃. 26 Ŋutsu, siwo katã woxlẽ, amesiwo xɔ ƒe blave alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃, eye wo dome amesiame na heka ɖeka, si enye sekel kɔkɔe afã. 27 Wotsɔ klosalo talento alafa ɖeka kɔ kɔkɔeƒe la ƒe afɔwo kple xɔmetsovɔ la ƒe afɔwo; talento alafa ɖeka de afɔ alafa ɖeka nu; talento ɖeka de afɔ ɖeka nu 28 Eye wotsɔ sekel akpe ɖeka alafa adre blaadre vɔ atɔ la tu kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiwo, eya ke wòfa ɖe wo tame. 29 Akɔbli, siwo wodzɔ la, le talento blaadre kple sekel akpe eve alafa ene 30 Woawo wotsɔ wɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu ʋɔtrutiwo ƒe afɔwo kple akɔblivɔsamlekpui la, eŋu dzralawo kpakple vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã; 31 kpɔ la ƒe afɔwo godoo va kpe kple agbo la ƒe afɔwo, nɔƒe la ƒe tsyotiwo katã kple kpɔ la ƒe tsyotiwo katã godoo va kpe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana