2 Mose 37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Agbadɔ la ƒe kɔkɔeƒe me nuwo. 1 Eye Bezaleel tsɔ xé kpa aɖaka la, edidi abɔklugui eye kple afã, ekeke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wòkɔ abɔklugui ɖeka kple afã. 2 Eta sika nyuitɔ ɖe eme kple ekɔgo, eye wotsɔ sika do atsiã ɖe eŋu godoo va kpe. 3 Eye wòkɔ sikasigɛ ene hena eƒe dzogoe eneawo; asigɛ eve le axa ɖeka, eye asigɛ eve hã le axa evelia. 4 Emegbe wotso xé kpa kpowo, eye wòfa sika ɖe wo, ŋu, 5 eye wotsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me le aɖaka la ƒe axawo dzi, bena woate ŋu akɔ aɖaka la. 6 Eyome wotsɔ sika nyuitɔ, wɔ nutsyɔnu la, eɖiɖi abɔklugui eve kple afã, eye wokeke abɔklugui ɖeka kple afã. 7 Eye wotso sika tu Kerubi eve ɖe nutsyɔnu la ƒe go eveawo dzi. 8 Kerubi ɖeka le go si dzi, eye Kerubi evelia le go keme dzi, ale Kerubiawo le nutsyɔnu la ƒe go eveawo dzi. 9 Kerubiawo klẽ aʋala ɖo ta dzi, eye woƒe aʋalawo bi ɖe nutsyɔnu la dzi; wodze ŋgɔ wo nɔewo, eye wode mo to ɖe nutsyɔnu la dzi. 10 Eye wòtsɔ xé kpa kplɔ̃ la; edidi abɔklugui eve, keke abɔklugui ɖeka, eye wòkɔ abɔklugui ɖeka kple afã. 11 Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye wotsɔ sika do atsiã ɖe eŋu va kpe. 12 Eɖo to ne kpe ɖo, si kɔ asi ɖeka, eye wotsɔ sika do atsiã ɖe to la ŋu kpe ɖo. 13 Eye wotso sika kɔ asigɛ ene, eye wòklẽ asigɛawo ɖe eƒe afa eneawo ƒe axa eneawo dzi. 14 Asigɛawo te ɖe to la ŋu, bena woaƒo kpo ɖe wo me akɔ kplɔ̃ lae. 15 Eye wòtsɔ xe kpa kpoawo, eye wòfa sika ɖe wo ŋu, bena woatsɔ wo akɔ kplɔ̃ lae. 16 Eye wotsa sika nyuitɔ wɔ nusiwo kpe ɖe kplɔ̃ la ŋu, siwo nye: agbawo, nutɔgbawo, trewo kple goewo, siwo woatso aƒo nunovɔsa ɖi. 17 Eyome wòtso sika nyuitɔ wo akaɖiti la; etu akaɖiti la, eƒe afa kple ati la, eye wòwɔ kɔwo, seƒoƒowo kple wo tamekukuwo ɖe eŋu. 18 Alɔ ade le akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi; alɔ etɔ̃ le eƒe axa ɖeka, eye alɔ etɔ̃ le eƒe axa evelia. 19 Seƒoƒo etɔ̃ kple wo tamekukuwo le ala ɖeka ŋuti, eye seƒoƒo etɔ̃ kple wo tamekukuwo le alɔ evelia ŋuti; alea wole alɔ ade, siwo le akaɖitia ŋu la ŋuti kpe ɖoe. 20 Seƒoƒo ene kple wo tamekukuwo le atia ŋutɔ ŋuti. 21 Alɔ ade le ati la ŋu, eye ka ɖeka le alɔ eveve ƒe kpeƒe. 22 Kɔawo kple alɔawo wo ɖeka ɖe eŋu; sika nyuitɔ wotsɔ tu akaɖiti la blibo. 23 Emegbe wòtsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbe adre, ɖovulãnuwo kple ganu suewo kpe ɖe eŋu. 24 Sika nyuitɔ talento ɖeka wòtsɔ wɔe kple eŋu nuwo katã. 25 Eye wòtsɔ xe kpa dzudzɔdovɔsamlekpui, eɖiɖi abɔklugui ɖeka, eye wokeke abɔklugui ɖeka, dzogoe ene me wòle, eye wòkɔ abɔklugui eve, eƒe dzowo wɔ ɖeka ɖe eŋu. 26 Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu, etame kple ekɔgo godoo va kpe kpakple eƒe dzowo ŋu, eye wotsɔ sika do atsiã ɖe eŋu ƒo xlãe. 27 Eye wòwɔ sikasigɛ eve ɖe eƒe atsiãdodo la te, le eƒe axa eveawo ƒe dzogoe eveawo dzi, bena woaƒo kpo ɖe wo me akɔe. 28 Etsɔ xé kpa kpoawo, eye wòfa sika ɖe wo ŋu. 29 Eyome wòwɔ ami sisi kɔkɔe la, eye wòtsɔ atike ʋeʋẽewo wɔ dzudzɔdonu, si me dza; ewɔe, abe alesi ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana