2 Mose 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dukɔ la na nu faa. 1 Ale Bezaleel kple Oholiab kpakple ŋutsu, siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le, amesiwo me Yehowa de nunya kple gɔmesesee, bena woate ŋu anya, alesi woawɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo katã la, nawɔ nusiwo katã Yehowa gblɔ la. 2 Eye Mose yɔ Bezaleel kple Oholiab kpakple aɖaŋutɔ, siwo katã ƒe tagbɔ Yehowa de nunyae, amesiwo katã woƒe dzi dɔ, bena woava awɔ dɔ la. 3 Eye wòxɔ nudzɔdzɔ, siwo katã Israel-viwo na, bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe la, le Mose si. Ke woganɔa nunanawo tsɔm vɛ nɛ le wo ɖokui si ŋdi sia ŋdi. 4 Eye aɖaŋutɔ, siwo katã le kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo wɔm la, dome amesiame tso le eƒe dɔ, si wɔm wòle la gbɔ, 5 eye wogblɔna Mose bena: Dukɔ la na nu geɖe wu alesi ɖɔ, si Yehowa gblɔ be, woawɔ la, bia. 6 Tete Mose na wodo kpo le asaɖa la me be: Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, amea ɖeke megadzɔ nu hena kɔkɔeƒe la ŋu dɔwɔwɔ o! Ale dukɔ la dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ. 7 Elabena nuawo sɔ gbɔ na dɔ blibo la wɔwɔ: wode gbɔ dzi gɔ̃ hã. Agbadɔ la ƒe kɔkɔeƒe tutu. 8 Eye amesiwo katã ƒe tagbɔ aɖaŋu le, le kɔkɔeƒe la ƒe dɔwɔlawo dome la, tso kuntru ewo wo nɔƒe la, eye wòna aɖaŋuvɔlɔ̃lawo tso ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ lɔ̃e, eye wɔwɔ Kerubiwo ɖe wo me. 9 Kuntru ɖeka ƒe didime le abɔklugui blave vo enyi, eye eƒe kekeme le abɔklugui ene; dzidzeme ɖeka ti na kuntruawo katã. 10 Ekpe kuntru atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, eye wògakpe kuntru atɔ̃ hã ɖe wo nɔewo nu. 11 Eye wòtɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka kpukpuiwo ɖe kuntru kpekpea ƒe to ɖeka; nenema ke wòtɔe ɖe kuntru kpekpe evelia ƒe to evelia hã. 12 Etɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kuntru ɖeka to, eye wòtɔ ka kpukpui blaatɔ̃ hã ɖe kuntru kpekpe evelia to; ka kpukpuiawo le sɔsɔ ɖeka me. 13 Etsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃, eye wòtsɔ ganuviawo kpe kuntruɛ wo ɖekae, ale wòzu nɔƒe blibo. 14 Emegbe wòtsɔ gbɔ̃fu lɔ̃ kuntru wuiɖekɛ, bena woatsɔ agba nɔƒe la tame. 15 Kuntru ɖeka ƒe didime le abɔklugui blaetɔ̃, eye eƒe kekeme le abɔklugui ene; dzidzeme ɖeka li na kuntru wuiɖekɛawo katã. 16 Ekpe kuntru atɔ̃ vovo, eye wokpe kuntru ade hã vovo. 17 Eye wòtɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpea ƒe to ɖeka, eye wogatɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpe evelia ƒe to ɖeka. 18 Etsɔ akɔbli tu ganuvi blaatɔ̃ hetsɔ kpe agbadɔkuntruawo wozu ɖeka. 19 Ewɔ agbogbalẽ, si woɖe ama dzi la hã hegba edzi, emegbe wòtsɔ nyogbalẽ gba edzi. 20 Eye wòtsɔ xé dze ʋuƒo, siwo woatu na nɔƒe la. 21 Ʋuƒo ɖeka didi abɔklugui ewo, eye wòkeke abɔklugui ɖeka kple afã. 22 Eye wòyrɔ ʋuƒo ɖeka gɔme wòdze eve, bena woate ŋu ali ɖe anyi. Alea wòyrɔ nɔƒe la ƒe ʋuƒowo katã gɔmee. 23 Eye wòdze ʋuƒowo hena nɔƒe la. Ʋuƒo blave le dziehe gome. 24 Eye wòtsɔ klosalo wɔ afɔ blane ɖe ʋuƒo blaneawo gɔme; afɔ eveve le ʋuƒo ɖesiaɖe ƒe nu eveawo gɔme. 25 Eye wòdze ʋuƒo blave hena nɔƒe la ƒe axa evelia, si le anyiehe gome, 26 eye wòtsɔ klosalo wɔ afɔ blane ɖe wo ŋu; afɔ eveve le ʋuƒo ɖeka gɔme. 27 Eye wodze ʋuƒo ade hena nɔƒe la ƒe akpa, si le ɣetoɖoƒe gome. 28 Eye wòdze ʋuƒo eve bena nɔƒe la ƒe dzogoe, siwo le ɣetoɖoƒe gome. 29 Eye wo gɔme kple wo tame kpe ɖe ʋuƒoawo ŋu, bena asigɛ ɖeka nanɔ wo ŋu. Alea wòwɔ wo ame eve la ɖe dzogoe eveawo dzi. 30 Wo katã le ʋuƒo enyi, siwo gɔme klosalofɔ wuiade le, afɔ eveve le ʋuƒo ɖeka gɔme. 31 Etsɔ xé kpa gameti atɔ̃ ɖe ʋuƒo, siwo le nɔƒe la ƒe axa ɖeka la ŋu; 32 gameti atɔ̃ ɖe ʋuƒo, siwo le nɔƒe la ƒe axa evelia ŋu, kpakple gameti atɔ̃ ɖe ʋuƒo, siwo le nɔƒe la megbe le ɣetoɖoƒe gome la ŋu. 33 Eye wòwɔ gameti dometɔ wòto ʋuƒoawo titina, tso go ɖeka me vaseɖe go keme me. 34 Eta sika ɖe ʋuƒoawo ŋu, eye wotsɔ sika lu wo ŋu sigɛ, siwo me woaƒo gametiawo ɖo; eye wòta sika ɖe gametiawo ŋu. 35 Ena aɖaŋuvɔlɔ̃lawo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ xɔmetsovɔ la, eye wowɔ Kerubiwo ɖe eme. 36 Eye wotsɔ xé kpa sɔti ene ɖe eŋu, eye wòfa sika ɖe wo ŋu: wo ŋu gatagbadzɛawo nye sika, eye wòkɔ klosalofɔ ene ɖe wo gɔme. 37 Eye wòna avɔlɔ̃lawo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ avɔ, bena woatsɔ atu agbadɔ la nu. 38 Ewɔ sɔti atɔ̃ kple wo ŋu gatagbadzɛawo ɖe eŋu, eye wòfa sika ɖe wo tame kple woƒe heletiwo ŋu, eye wòtsɔ akɔbli wɔ afɔ atɔ̃ ɖe wo gɔme. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana