Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Mose 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Bezaleel kple Oholiab tiatia.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

2 Kpɔ ɖa, metia Bezaleel, Uri viŋutsu, si enye Xur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la me,

3 eye metsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fia nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, de eme fũ,

4 bena wòabu tame anya alesi wowɔa sika, klosalo kple akɔbli ŋu dɔe;

5 anya alesi wòadze kpe hena nuwo me ɖeɖe, eye wòanya alesi wòadze ati hena aɖaŋu vovovowo wɔwɔ.

6 Kpɔ ɖa, metsɔ Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me, kpe ɖe eŋuti, eye metsɔ nunya de amesiwo katã ƒe dzime nunya le la, ƒe tame, bena woawɔ nusiwo katã ƒe se meɖe na wò la:

7 Mawu ƒe agbadɔ la, nubablaɖaka kple nutsyɔnu, si le edzi kpakple agbadɔ la ŋuti nuwo katã,

8 kplɔ̃ kple eŋu nuwo, sikakaɖiti kple eŋu nuwo katã kpakple dzudzɔdovɔsamlekpui la,

9 numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ;

10 atsyɔ̃ɖowuawo kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kpakple viaŋutsuawo ƒo awuwo, be woanye nunɔlawo asubɔ;

11 ami sisi la kple atike ʋeʋẽe, siwo nye dzudzɔdonuwo hena kɔkɔeƒe la. Woawoe tututu, abe alesi mede se na wò ene.


Dzudzɔgbe ɖuɖu.

12 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

13 Gblɔ na Israel-viwo bena: Miɖo ŋku ne dzudzɔgbeawo dzi! Elabena dzesi wònye le mia kpli mi kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne mianyae bena, nye Yehowa enye amesi wɔ mi kɔkɔe.

14 Miɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, elabena nu kokoe wònye na mi. Amesi agblẽ ko ɖo nɛ la, woawui, eye amesiame, si awɔ dɔ le edzi lã, woatsrɔ̃ eƒe agbe ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

15 Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Amesiame, si awɔ dɔ le dzudzɔgbea dzi la, woawui.

16 Israel-viwo naɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, eye woadzra dzudzɔgbe la ɖo, wòanye ɖoɖo na woƒe dzidzimeviwo tegbee.

17 Dzesi wonye le mia kple Israel-viwo dome tegbee; elabena ŋkeke ade Yehowa wɔ dzi kple anyigba, ke edzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe, eye wògbɔ ɖe eme.


Kpe, si dzi woŋlɔ se ɖo.

18 Eye esi wòƒo nu kple Mose le Sinai-toa dzi vɔ la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la ne, kpe, siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide ŋlɔ nui ɖo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa