Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Mose 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Vɔsamlekpui la.

1 Emegbe natsɔ xé awɔ vɔsamlekpui; eƒe didime nanye abɔklugui atɔ̃, eƒe kekeme nanye abɔklugui atɔ, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui etɔ̃. Vɔsamlekpui la nanɔ dzogoe ene me.

2 Wɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi; dzoawo nawɔ ɖeka kplii, eye nata akɔbli ɖe eŋu.

3 Eye nawɔ afilɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo ɖe eŋu, eye natsɔ akɔbli awɔ eŋuti nuawo katãe.

4 Eye tsɔ akɔbli wɔ adzralawo abe ɖɔ ene, eye natu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala ŋu le eƒe dzogoe eneawo dzi.

5 Eye naklã adzrala la ɖe vɔsamlekpui la ŋu tso ele vaseɖe vɔsamlekpui la titina.

6 Eyome natsɔ xé akpa kpowo hena vɔsamlekpui la, eye nafa akɔbli ɖe wo ŋu.

7 Eye woatsɔ kpoawo aƒo ɖe asigɛawo me, eye kpoawo nanɔ vɔsamlekpui la ƒe axawo kple eve dzi, bena woatsɔ wo akɔe.

8 Ʋuƒo natsɔ awɔe, eye to nanɔ me. Alesi wolia wò le Noa dzi la, nenema nawɔe.


Kpɔ la.

9 Eye natɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Tsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ hena kpɔ la; kpɔ la ƒe dziehekpa nadidi abɔklugui alafa ɖeka.

10 Wɔ kpɔti blave, eye natsɔ akɔbli atu afɔ blave ɖe wo gɔme; ke natsɔ klosalo awɔ kpɔtiawo ŋuti gatagbadzɛwo kple heletiwoe.

11 Nenema ke anyiehekpa hã ƒe avɔ nadiɖi abɔklugui alafa ɖeka, eye kpɔti blave, siwo gɔme akɔblifɔ blave le, nakpe ɖe eŋu; kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛawo kple heletiawo nanye klosalo.

12 Avɔ, si anɔ kpɔ la ƒe ɣetoɖoƒe gome, na didi abɔklugui blaatɔ̃, eye kpɔti ewo, siwo gɔme atɔ ewo le, nakpe ɖe eŋuti.

13 Kpɔ la nakeke le ɣedzeƒe gome abɔklugui blaatɔ̃.

14 Avɔ, si didi abɔklugui wuiatɔ̃ nanɔ kekeme sia ƒe akpa ɖeka eye kpɔti etɔ̃, siwo gɔme afɔ etɔ̃ le, nakpe ɖe eŋu.

15 Eye avɔ, si le akpa evelia hã nadidi abɔklugui wuiatɔ̃, eye kpɔti etɔ, siwo gɔme afɔ etɔ̃ le, nakpe ɖe eŋu.

16 Esia megbe avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ avɔ, si adidi abɔklugui blave hena agbo la nu, eye kpɔti ene, siwo gɔme afɔ ene le la, nakpe ɖe eŋu.

17 Kpɔti, siwo katã le kpɔa me godoo la, ƒe heletiwo kple wo ŋuti gatagbadzɛwo nanye klosalo, eye wo gɔmefɔwo nanye akɔbli.

18 Kpɔ la fe didime nanye abɔklugui alafa ɖeka, eƒe kekeme nanye abɔklugui blaatɔ̃, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui atɔ̃; woatsɔ ɖeti ɣi dada alɔ eŋuti vɔe, eye kpɔtiawo gɔmefɔwo nanye akɔbli.

19 Nusiwo katã ŋu dɔ woawɔ le kpɔa me, nanye akɔbli; agbadɔ la ŋu tsyotiwo kple kpɔ la ŋu tsyotiwo katã nanye akɔbli.


Dzomi nyui la.

20 De se na Israel-viwo, ne woatsɔ dzomi nyuitɔ vɛ na wò hena akaɖiawo, bena woate ŋu atsɔ akaɖigbɛawo aɖo ati dzi ɖaa

21 le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa