2 Mose 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nudzɔdzɔ hena agbadɔtutu. 1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: 2 Gblɔ na Israel-viwo bena, woadzɔ nu nam. Midzɔ nu nam le amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la si. 3 Nusiwo miadzɔ le wo si la wonye: Sika, klosalo kple akɔbli, 4 aɖabɛ blɔtɔ kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe ka, ka dze, ɖeti ɣi kple gbɔ̃fuwo, 5 agbogbalẽ, si wode ama dzi, nyogbalẽ kple xé. 6 Ami ɖe akaɖiniedede ŋu kple ami ʋeʋẽe hena sisi kple numeme ʋeʋẽe. 7 Soham-kpe kple kpe xɔasiwo, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu. 8 Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome. 9 Alesi metia nɔƒe la tutume kple eŋuti nuwo katã wɔwɔ wò la, nenema pɛpɛpɛ miawɔe. Nubablaɖaka la. 10 Eye woatsɔ xé akpa aɖakae, eƒe didime nanye abɔklugui eve kple afã, kekeme nanye abɔklugui ɖeka kple afã, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui ɖeka kple afã. 11 Eye nafa sika nyuitɔ ɖe eŋu; nafae ɖe eme kple ekɔgo, eye natsɔ sika ado atsiã ɖe eto akpe ɖo. 12 Emegbe nakɔ sikasigɛ ene, eye naklã wo ɖe eƒe dzogoe eneawo ŋu; asigɛ eve nanɔ axa ɖeka, eye asigɛ eve hã nanɔ axa evelia. 13 Eyome natsɔ xé akpa kpowo, eye nafa sika ɖe wo ŋu. 14 Eye natsɔ kpoawo aƒo ɖe asigɛ, siwo le aɖaka la ƒe axawo dzi la me, bena woatsɔ wo akɔ aɖaka lae. 15 Kpoawo natsi asigɛawo me le aɖaka la ŋu, eye womaɖe wo le eme o. 16 Eye natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me. Nutsyɔnu la. 17 Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nutsyɔnu ɖe nutuvi la dzi; eƒe didime nanye abɔklugui eve kple afã, eye eƒe kekeme nanye abɔklugui ɖeka kple afã. 18 Eye natsɔ sika atu Kerubi eve ɖe nutsyɔnu la ƒe goawo kple eve dzi. 19 Wɔ Kerubi ɖeka ɖe go si dzi, eye Kerubi evelia ɖe go keme dzi; ale Kerubiawo kple eve nanɔ go eveawo dzi. 20 Eye Kerubiawo naklẽ aʋala aɖo ta dzi, ale be woƒe aʋalawo nabi ɖe nutsyɔnu la dzi; wòadze ŋgɔ wo nɔewo, eye woade mo to ɖe nutsyɔnu la dzi. 21 Eye natsɔ nutsyɔnu la aɖo aɖaka la tame, ke natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me. 22 Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima. Sikakplɔ̃. 23 Emegbe natsɔ xé akpa kplɔ̃e; eƒe didime nanye abɔklugui eve, kekeme nanye abɔklugui ɖeka, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui ɖeka kple afã. 24 Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye natsɔ sika ado atsiã ɖe eŋu akpe ɖo. 25 Eye naɖo to nɛ akpe ɖo, esi akeke asi ɖeka, eye natsɔ sika ado atsiã de to la ŋu akpe ɖo. 26 Tsɔ sika wɔ asigɛ ene, eye naklã asigɛawo ɖe eƒe afɔ eneawo ƒe axa eneawo dzi. 27 Asigɛawo nate ɖe toawo ŋu, bena woaƒo kpo ɖe wo me akɔ kplɔ̃ lae. 28 Tsɔ xé kpa kpewo, eye nata sika ɖe wo ŋu; woawoe woatsɔ akɔ kplɔ̃ lae. 29 Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ eŋu gbawo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nusiwo ŋu dɔ woawɔ le edzi. 30 Eye natsɔ abolo aɖo kplɔ la dzi le ŋkunye me ɖaa. Akaɖiti la. 31 Eyome natsɔ sika nyuitɔ awɔ akaɖitii; woatu akaɖitia, eƒe afɔ kple ati la, eye woawɔ kawo, seƒoƒowo kple woƒe tamekukuwo ɖe eŋu. 32 Alo ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi; alɔ etɔ̃ nanɔ axa ɖeka, eye alɔ etɔ hã nanɔ axa evelia. 33 Seƒoƒo etɔ kple woƒe tamekukuwo nanɔ alɔ ɖeka ŋuti, eye seƒoƒo etɔ̃ kple woƒe tamekukuwo nanɔ alɔ evelia ŋuti; alea woanɔ alɔ ade, siwo le akaɖitia ŋu la, ŋuti akpe ɖo. 34 Eye seƒoƒo ene kple woƒe tamekukuwo nanɔ atia ŋutɔ ŋuti. 35 Seƒoƒo ɖeka kple etamekuku nanɔ alɔ eveve kpeƒe le ati la ŋu. 36 Kɔawo kple alɔavvo nawɔ ɖeka ɖe ati la ŋu; sika nyuitɔ woatso atu akaɖiti lae blibo. 37 Emegbe nawɔ akaɖigbɛ adre ada ɖe wo dzi, eye woabi aɖo ta ŋgɔ. 38 Eye natso sika nyuitɔ awɔ ɖovulãnuwo kple ganu suewoe. 39 Woatso sika nyuitɔ talento ɖeka awɔ akaɖiti la kple eŋu nuawo katãe. 40 Kpɔ dzi, be nawɔe ɖe nɔnɔme, si wotia wò le toa dzi la nu pɛpɛpɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana