Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Mose 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tsi do go tso kpe gbadza me na Israel-viwo.

1 Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin-gbedzi hele teƒeleƒewo tom, abe alesi Yehowa de se ene, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Refidim. Ke tsia ɖeke meli be, dukɔ la nano o.

2 Tete dukɔ la wɔ dzre kple Mose, eye wogblɔ bena: Mina tsi mi miano! Mose ɖo ŋu na wo bena: Nukaŋuti miele dzre wum kplim? Nukaŋuti miele Yehowa tem kpɔ?

3 Eye tsikɔ wu dukɔ la le afima. Eye dukɔ la ti Mose ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti nèkplɔ mí tso Egipte, bena tsikɔ nawu mia ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe lãwo míaku mahã?

4 Tete Mose do ɣli yɔ Yehowa bena: Nuka mawɔ na dukɔ sia? Esusɔ vie ko woafɔ kpe aƒum!

5 Yehowa gblɔ na Mose bena: Dze dukɔ la ŋgɔ, eye naɖe ame tsitsia ɖewo le Israel dome akpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye natsɔ atikplɔ, si netsɔ ƒo Nil dzi la, ɖe asi yii.

6 Kpɔ ɖa, matsi tre ɖe ŋkuwò me ɖe Horeb-kpe la dzi, eye naƒo kpe la, ekema tsi ado atso me, be dukɔ la nano. Eye Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ƒe ŋku me.

7 Eye wona ŋkɔ teƒe la bena: Masa kple Meriba. Elabena Israel-viwo wɔ dzre, eye wote Yehowa kpɔ gblɔ bena: Ɖe Yehowa le mía dome loo, alo meli o?


Israel-viwo ɖu Amalekitɔwo dzi.

8 Esia megbe Amalekitɔwo va wɔ aʋa kple Israel le Refidim.

9 Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.

10 Eye Yosua wɔ, abe alesi Mose gblɔ nɛ ene be, wòaɖawɔ aʋa kple Amalek. Ke Mose, Aron kple Xur woyi togbe la tame.

11 Eye ne Mose kɔ eƒe asi dzi la, ekema Israel ƒe alɔ ɖea dzi; ke ne eɖiɖi asi ɖe anyi la, ekema Amalek ƒe alɔ ɖea dzi.

12 Ke esi alɔ ku ɖe Mose ŋu la, wotsɔ kpe ɖe ete wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Xur lé eƒe asiwò ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka, eye ame evelia le axa bubu dzi Ale wole eƒe asiwò de te, vaseɖe esime ɣe ɖo to.

13 Eye Yosua ɖu Amalek kple eƒe aʋakɔ dzi kple yi.

14 Eve Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nusia ɖe agbalẽ me hena ŋkuɖoɖo dzi, eye nakui ɖe Yosua ƒe to me, elabena matsrɔ̃ Amalek ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te keŋkeŋ.

15 Eye Mose ɖi vɔsamlekpui, eye wòna ŋkɔe be: Yehowa nye aflaga.

16 Eye wogblɔ bena: Meta Yehowa ƒe zikpui Yehowa ewo aʋa kple Amalek tegbetegbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa