Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Mose 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gododo tso Egipte ƒe nuwuwu.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

2 Gblɔ na Israel-viwo bena, woatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome; miƒu asaɖa anyi ɖe Baal-Zefon kasa le ƒu la nu.

3 Elabena Farao agblɔ le Israel-viwo ŋu be: Wotre mɔ le anyigba la dzi, eye wotsi gbedadaƒo.

4 Eye mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze su be, nyee nye Yehowa. Eye wowɔ nenema.

5 Esi wogblɔ na Egipte-fia bena, dukɔa si la, Farao kple eŋu mewo ƒe dzi trɔ ɖe dukɔ la ŋuti; elabena wogblɔ bena: Nukaŋuti míewɔ alea, eye míeɖe asi le Israel-viwo ŋuti, be womagasubɔ mí o?

6 Tete wòna wodzra eƒe tasiaɖamwo ɖo, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔwo ɖe asi.

7 Eye wolia tasiaɖam alafa ade kpe ɖe Egiptetɔwo ƒe tasiaɖam bubuawo ŋu, esi wo katã me aʋa wolã veviwo le.

8 Eye Yehowa na Egipte-fia Farao ƒe dzime sẽ, ale bena wòti Israel-viwo yome; ke asi sesẽ kplɔ Israel-viwo dzoe.

9 Eye Egiptetɔwo kple Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kpakple aʋakɔ bubuawo katã ti wo yome heva tu wo, esime woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu le Pi-Haxirot gbɔ le Baal-Zefon kasa.

10 Esi Farao gogo wo, eye Israel-viwo fɔ ka dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli ya Yehowa,

11 eye wogblɔ na Mose bena: Esi yɔdo mele Egipte o ta, nèkplɔ mi dzoe, bena miava ku ɖe gbedzia? Nukaŋuti nèwɔ esia ɖe mía ŋuti, eye nèkplɔ mi tso Egipte?

12 Menye esia mienɔa gbɔgblɔm na wò le Egipte bena: ɖe asi le mía ŋu míasubɔ Egiptetɔwo ko, elabena ne míesubɔ Egiptetɔwo la, enyo wu esi míaɖaku ɖe gbedzi oa?

13 Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.

14 Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!

15 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Nukaŋuti nèle ɣli dom le yɔyem? Gblɔ na Israel-viwo bena, woaho adzo.

16 Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.

17 Nye la mana Egiptetɔwo ƒe dzime nasẽ, eye woakplɔ wo ɖo, be maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ la katã, eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe sɔɖolawo ŋuti.

18 Eye Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia ɖe Farao kple tasiaɖamwo kpakple sɔdolawo ŋu.


Egiptetɔwo nyrɔ ɖe Ƒudzĩe me.

19 Tete mawudɔla, si le Israel ƒe aʋakɔa ŋgɔ la, dzo yi ɖe wo megbe; eye alilikpo dodo la dzo le wo ŋgɔ yi wo megbe.

20 Eye wònɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aʋakɔ la dome, eye alilikpo la do viviti ɖe Egiptetɔwo, eye wòklẽ na Israel-viwo le zã la me, ale bena wo dometɔa ɖeke mete ɖe nɔvia ŋu zã blibo la katã o.

21 Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me.

22 Eye Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene na wo ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe miã me.

23 Eye Egiptetɔwo ti wo yome, eye Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo katã kplɔ wo ɖo va ƒu la titina.

24 Le fɔŋli la Yehowa le dzobibi kple alilikpo dodo me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ dzi ɖa, eye wòtɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la.

25 Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.

26 Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe ƒu la dzi, bena tsi la nagbugbɔ aŋe ɖe Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.

27 Tete Mose do eƒe asi ɖe ƒua dzi, eye esi ŋu ke ɖe le eme la, tɔa gaɖo eƒe nɔnɔme, eye Egiptetɔwo si yi ɖakpee. Ale Yehowa nyã Egiptetɔwo de ƒu la me.

28 Eye tsi la nyẽ zi va kpe, eye wòŋe ɖe tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo, siwo ti wo yome va ƒua me la dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.

29 Ke Israel-viwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe mia me.

30 Gbemagbe Yehowa ɖe Israel tso Egiptetɔwo si me, eye Israel kpɔ Egiptetɔwo ƒe kukuwo le ƒutsia nu.

31 Eye Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ Yehowa, eye wòxɔ Yehowa kple eƒe dɔla Mose dzi se.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa