2 Mose 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fukpekpe enyilia: ʋetsuviwo. 1 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, elabena nyee na eya ŋutɔ kple eŋu mewo ƒe dzime sẽ, bena mawɔ nye dzesi siawo le wo dome; 2 eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa. 3 Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm! 4 Ke ne egbe asiɖeɖe le nye dukɔ ŋu la, ekema mana ʋetsuviwo nava wò anyigba dzi etsɔ. 5 Eye woanye atsyɔ anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba magadze o; woaɖu nu mamlea, siwo kpetsia tso ɖi na mi la, eye woaɖu miaƒe ati, siwo gadze le gbe me la. 6 Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ. 7 Eye Farao ŋu mewo gblɔ nɛ bena: Zi nenie gɔ̃ ame sia anye mɔ̃ anɔ mía ɖem? Ɖe asi le ameawo ŋu, be woaɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu! Mèle ekpɔm haɖe be, Egipte le gbagbãm oa? 8 Tete wogagbugbɔ Mose kple Aron va Farao gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖasubɔ Yehowa, mia Mawu la! Ameka kple amekawoe le yiyi ge? 9 Mose ɖo ŋu bena: Miele mía viwo kple míaƒe amegã ɖeɖiwo kplɔ ge ɖe asi; miele mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo, miaƒe alẽwo kple míaƒe nyiwo kplɔ ge ɖe asi; elabena ŋkekenyuie ɖu ge míeyina na Yehowa. 10 Eɖo ŋu na wo bena: Yehowa naɖi na mi! Maɖe asi le mia kple mia viwo siaa ŋua? Nyateƒee, mieɖo vɔ̃ ɖe tame. 11 Gbeɖe! Ŋutsuwo ko nayi aɖasubɔ Yehowa, elabena alea míeɖi! Eye wonyã wo dzo le Farao gbɔe. 12 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe Egipte-nyigba dzi, be nakplɔ ʋetsuviwo vɛ, ne woava Egipte-nyigba dzi aɖu gbe, siwo katã le anyigba dzi kpakple nusianu, si kpetsia tso ɖi la. 13 Tete Mose do eƒe atikplɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya ƒo ɖe anyigba la dzi ŋkeke blibo la katã kple zã blibo la katã, eye esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la kplɔ ʋetsuviwo vɛ. 14 Eye ʋetsuviawo ƒo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wodze ɖe anyigba la ƒe afisiafi taŋtaŋ; wo tɔgbe meva kpɔ o, eye magava alea hã akpɔ o. 15 Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o. 16 Tete Farao na woyɔ Mose kple Aron ve kaba eye wògblɔ bena: Meda vo ɖe Yehowa, mia Mawu la, kple mia ŋuti. 17 Eyata mitso nye vodada la kem fifia hã, eye miɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, ɖe tanye, bena wòaɖe ku sia ɖa le dzinye! 18 Tete wòdzo le Farao gbɔ, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. 19 Eye Yehowa na ɣetoɖoƒeya sesẽa ɖe ƒo, eye wòlɔ ʋetsuviawo ɖe nu ɖakɔ ɖe Avaƒu la me, ale be ʋetsuviawo dometɔa ɖeke megatsi Egipte-nyigba la ƒe afia ɖeke o. 20 Ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋuti woyi o. Fukpekpe asiekelia: viviti. 21 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena viviti nado ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ale bena woate ŋu ali asi viviti la ŋu. 22 Tete Mose do eƒe asi ɖe dziƒo, eye viviti tsiɖitsiɖia ɖe do ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 23 Amea ɖeke mete ŋu kpɔ nɔvia o, eye amea ɖeke mete ŋu dzo le enɔƒe o ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Ke kekeli le Israel-viwo katã ƒe nɔƒewo. 24 Eye Farao yɔ Mose vɛ gblɔ bena: Miheyi ɖasubɔ Yehowa la! Miaƒe alẽwo kple nyiwo natsi anyi, ke mia vi suewo nayi kpli mi. 25 Mose ɖo ŋu bena: Ele be, wò ŋuta hã natsɔ vɔsalã kple numelã na mí, bena míatsɔ wo ana Yehowa, mía Mawu la! 26 Ke míakplɔ míaƒe lãwo hã ɖe asi, afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o; elabena woawo ƒe ɖe tsa ge míala asubɔ Yehowa, mia Mawu lae. Mienyã nusi tso ge míala asubɔ Yehowa haɖe o, vaseɖe esime míaɖo afima hafi. 27 Gake Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye melɔ̃ be, yeaɖe asi le wo ŋu o. 28 Eye Farao gblɔ nɛ bena: Te ɖa le gbɔnye! Kpɔ nyuie, bena nagava nye ŋku ta azɔ o, elabena gbesigbe nagava nye ŋku ta la, ku ke naku! 29 Mose ɖo ŋu bena: Yoo, wòe ƒo nu loo! Nyemegale wò ŋku ta va ge azɔ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana