Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

2 Mose 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel viwo tsi ɖe dzi, eye wokpɔ xaxa le Egipte.

1 Israel viŋutsu, siwo kpe ɖe Yakob ŋuti va Egipte la, ƒe ŋkɔwo nye si, amesiame va kple eƒemetɔwo:

2 Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda,

3 Isaxar, Zebulon kple Benyamin,

4 Dan, Naftali, Gad kple Aser.

5 Yakob ƒe dzidzimeviwo katã le ame blaadre: ke Yosef ya tre Egipte vava.

6 Emegbe Yosef kple nɔviawo kple wo viwo katã ku.

7 Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.

8 Eye fia yeyea ɖe ɖu fia le! Egipte, amesi menya naneke le Yosef ŋuti o.

9 Eye wògblɔ na eƒe dukɔ la bena: Mikpɔ ɖa, Israel-dukɔ la sɔ gbɔ, eye wosẽ ŋu wu mi.

10 Enyo, mina miadze aye ɖe wo ŋuti, bena womagasɔ gbɔ ɖe edzi o, eye ne aʋa dzɔ la, womagade míaƒe futɔwo dzi awɔ aʋa kpli mí ahaʋu le anyigba la dzi o.

11 Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.

12 Gake esi wole wo tem ɖe anyi hã la, dzidzim ko wole ɖe dzi, eye wole ta kekem, ale be wòde asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me.

13 Eye Egipte-tɔwo zi Israel-viwo dzi nublanuitɔe, be woawɔ dɔ sesẽ.

14 Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.

15 Eye Egipte-fia de se na Hebritɔwo ƒe vixela, siwo dometɔ ɖeka ŋkɔ nye Sifra, eye evelia ŋkɔ nye Pua la bena;

16 Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnua ɖe, eye miekpɔ le viadziƒe bena, ŋutsuvie la, ekema miawui, ke nenye nyɔnuvi la, ekema mina wòanɔ agbe!

17 Ke vixelawo vɔ̃ Mawu, eye womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.

18 Tete Egipte-fia ya vixelawo vɛ, eye wòbia wo bena: Nukaŋuti miewɔ alea, eye miena ŋutsuviawo tsi agbe?

19 Vixelawo ɖo ŋu na Farao bena: Hebri-nyɔnuwo mele abe Egipte-nyɔnuwo ene o, ke boŋ wosesẽ; kasiaa vixela nava wo gbɔ la, woawɔ ŋutɔ dzia vi la xoxo.

20 Ke Mawu wo nyuie na vixelawo. Eye dukɔ la dzi ɖe dzi, eye wosẽ ŋu.

21 Esi vixelawo vɔ̃ Mawu ŋuti la, eyata wòna vi geɖe wo.

22 Emegbe Farao de se na eƒe dukɔ la katã bena: Ne Hebritɔwo dzi ŋutsuvi la, ekema mitsɔe ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi la me, ke mina nyɔnuviwo katã nanɔ agbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa