2 Korintotɔwo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ le kɔkɔenyenye ŋuti. Nuxaxa, si tso Mawu gbɔ. 1 Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me. 2 Miʋu mia ɖokui na mí! Miewɔ vɔ̃ ɖe amea ɖeke ŋuti o, miegblẽ amea ɖeke o, mieha amea ɖeke o. 3 Menye fɔbubu ŋuti mele esia gblɔm ɖo o; elabena megblɔe tsã be, miele míaƒe dziwo me, bene miaku kpli mí, eye mianɔ agbe kpli mí hã. 4 Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me. 5 Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me. 6 Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me. 7 Ke menye eƒe vava me ɖeɖeko o, ke le akɔfafa, si wotso fa akɔ nɛ le mia ŋuti la hã me boŋ; elabena egblɔ miaƒe didi vevi kple miaƒe avifafa kple miaƒe ŋuʋaʋã le tanye la fia mí, ale bena mekpɔ dzidzɔ wu tsãtɔ. Nuxaxa, si tso Mawu gbɔ. 8 Elabena ne mena míexa nu le agbalẽa me hã la, mevem o; eye ne evem hã la — elabena mekpe bena, agbalẽ ma la, nenye ɣeyiɣi kpuia ɖe koe wòna míexa nu hã — 9 gake azɔ dzi le dzɔyem, menye esi wòna míexa nu la ŋuti o, hafi bena wòna míexa nu hena dzimetɔtrɔ boŋ; elabena ena míexa nu ɖe Mawu ƒe didi nu, bena bubu naganɔe na mi le naneke me atso mía gbɔ o. 10 Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve. 11 Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me. 12 Eyata ne meŋlɔe na mi hã la, nyemeŋlɔe le amesi wɔ vɔ̃ sia ŋuti alo amesi ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ŋuti o; ke boŋ bene miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒã le mia dome le Mawu ƒe ŋku me. 13 Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti. 14 Elabena ne meƒo adegbe le nane me le mia ŋuti le eƒe ŋku me la, mezu ŋukpe nam o, hafi alesi miegblɔ nuwo katã na mi le nyateƒe mee la, nenema ke míaƒe adegbe, si míeƒo le Tito ƒe ŋku me la, hã zu nyateƒe. 15 Eye miaƒe nu lé dzi nɛ geɖe wu, esi wòɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo la dzi, alesi mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la. 16 Dzi le dzɔyem bena, dzi le ƒonye le nusianu me le mia ta. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana