2 Korintotɔwo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Apostolo la xlẽ Aƒetɔ la ƒe ɖeɖefia, eya ŋutɔ ƒo fukpekpe kple Mawu ƒe ŋusẽdodoe fia. 1 Ele be, maƒo adegbe; gake menye viɖe nam o; elabena mele Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo gbɔ va ge. 2 Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke. 3 Eye menya nenem me sia — eɖanɔ ŋutilã me o, meɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae, — 4 bena wotsɔe dzoe yi ɖe Paradiso la me, eye wòse nya, siwo mele ne woagblɔ o, siwo womeɖe mɔ na ame, bene wòagblɔ o la. 5 Nenem me sia ŋuti maƒo adegbe le; ke le ɖokuinye ŋuti la nyemaƒo adegbe o, negbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti ko. 6 Ke nenye ɖe maɖi be, maƒo adegbe la, nyemazu bometsila o; elabena magblɔ nyateƒe; ke nyemele ewɔ ge o, bene amea ɖeke nagabu ŋutinye wu alesi wòkpɔam alo alesi wòsea nya le nunye 7 hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o. 8 Esia ŋuti meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye. 9 Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye. 10 Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu. Paulo ɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ dzi na hame la. 11 Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o. 12 Ke mewo apostolo ƒe dzesiwo le mia dome le dzidodo katã me, le dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔwɔwɔwo me. 13 Alo nuka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu, negbe le esia me ko bena, nye ŋutɔ nyemenye agba na mi oa? Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem! 14 Mikpɔ ɖa, esiae nye zi etɔ̃lia medzra ɖokuinye ɖo bena, mava mia gbɔ, eye nyemanye agba na mi o; elabena nyemele miaƒe nuwo dim o, ke mia ŋutɔwo dim mele boŋ. Elabena medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ. 15 Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ nu, eye mana woagblẽ nye ŋutɔ le míaƒe luʋɔwo ta, geɖe alesi melɔ̃a mi la, ʋee wu miawo la mielɔ̃am. 16 Ke anɔ nenem, nyemenye agba na mi o; ke esi menya aɖaŋu ŋutie, melé mi le aɖaŋu me. 17 Alo ɖe meto amesiwo medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la dome amea ɖe dzi ba mia? 18 Mexlɔ̃ nu Tito, eye medɔ eya kple nɔvi la ɖo ɖa. Alo ɖe Tito ba mia? Menye gbɔgbɔ ma ke me miezɔ le oa? Menye afɔɖoƒe ma ke me miezɔ le oa? 19 Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta. 20 Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi, 21 bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana