2 Korintotɔwo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxaxa, siwo apostolo la kpɔ le hame la gɔmeɖoanyiɣi. 1 Ɖe miado dzi atsa nye bometsitsi via ɖe; miado dzi atsɔe nam tso! 2 Elabena metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu, elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matso ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo. 3 Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ? 4 Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie! 5 Elabena mebuna be, nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o. 6 Ke me menye ame manyanu le nuƒoƒo me hã la, nyemenyae le sidzedze me o, ke le nusianu me miedze ƒã le amewo katã dome le mia gome. 7 Alo ɖe esi mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, bene woado miawo ɖe dzi la, ɖe mewɔ nuvɔ̃ bena, megblɔ Mawu ƒe nyanyuie la fia mi fetu maxɔmaxɔe mahã? 8 Meha hame bubuwo, esi mexɔ fetu le wo si hena miaƒe subɔsubɔdɔ, eye esime menɔ mia gbɔ, eye hiã tum la, nyemeɖe fu na amea ɖeke o; 9 elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi. 10 Ne menye Kristo ƒe nyateƒe la le menye o fĩ, womagatsi adegbeƒoƒo sia nu nam le Axaya ƒe nutoawo me o. 11 Nukaŋutie? Esi nyemelɔ̃a mi o taea? Mawue nyae! 12 Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene. 13 Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo. 14 Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. 15 Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o; amesiawo ƒe nuwuwu ana ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu. 16 Megale egblɔm bena, amea ɖeke nagabum bometsila o; ke ne miebum nenema la, ekema mixɔm abe bometsila ene, bene nye hã maƒo adegbe le ɖokuinye ŋuti vie. 17 Nusi gblɔm mele la, nyemele egblɔm ɖe Aƒetɔ la nu o, ke abe bometsila ene boŋ, le adegbeƒoƒo ƒe dziɖoɖoɖeŋu sia me. 18 Esi ame geɖe ƒoa adegbe le ŋutilã nu ŋuti la, nye hã maƒo adegbe. 19 Elabena esi míenye aɖaŋudzelawo ŋuti la, mielɔ̃na doa dzi tsoa bometsilawo ƒe nyawo. 20 Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ. 21 Ŋukpedodo ta megblɔe ɖo, abe ɖe miawo la míegbɔdzɔ ene, ke nenye nusi me amea ɖe wo kalẽ le wònye la, — mele egblɔm le bometsitsi me — anye ne nye hã mawɔ kalẽ le eme. 22 Hebritɔwo wonyea? Nye hãe! Israeltɔwo wònyea? Nye hãe! Abraham-ƒomeawo wonyea? Nye hãe! 23 Kristo ƒe subɔlawo wònyea? — Mele nu ƒom abe amesi ƒe tame ɖa la ene — Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre. 24 Yudatɔwo si mexɔ ƒoƒo ɖeka ɖi go blane me le zi alɔ, 25 zi etɔ̃ woƒom kple atiwo, zi ɖeka woƒu kpem; menɔ ʋu me wògba zi etɔ̃, zã kple keli menɔ ƒutsotsoewo nu. 26 Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome; 27 le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me. 28 Nu bubu, siwo gadzo la, wonye: Amewo ƒe ziƒoƒo ɖe ŋunye gbesiagbe, kple beléte na hamewo katã. 29 Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa? 30 Ne ele nam be, maƒo adegbe la, maƒo adegbe le nusiwo le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ gome la ŋuti. 31 Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me la, nyae bena, nyemeka aʋatso o. 32 Le Damasko la fia Areta ƒe du me dziɖula dzo Damaskotɔwo ƒe du la ŋuti, bena yealém, 33 eye wotsɔm de golo me to ʋɔtruvi nu heto gli dzi ɖiɖi ɖe anyi, eye mesi dzo tso eƒe asiwò mè. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana