1 Samuel 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Saul kple viawo ƒe tsɔtsrɔ̃. 1 Eye Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel, eye Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye amewo tsi aʋa le Gilboa-to la dzi. 2 Filistitɔwo ɖe Saul kple viaŋutsuwo ɖe nu, eye wowu Saul viŋutsuwo, siwo nye Yonatan, Abinadab kple Malkisua. 3 Aʋa la nu sẽ ŋutɔ ɖe Saul dzi, eye esi aŋutrɔdalawo va tui la, vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ le aŋutrɔdalawo ŋu. 4 Eye Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi la bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Tete Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu. 5 Ke esi Saul ƒe adekplɔvi la kpɔ be, eku la, eya hã tso eƒe yi dze enu, eye woku kplii. 6 Ale Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo kple eƒe adekplɔvi la kpakple eƒe amewo katã ku gbe ɖeka enye si. 7 Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me. 8 Esi ŋu ke la. Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu, eye wokpɔ Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo le Gilboa-to la dzi. 9 Tete wotso ɖa le enu, eye woɖe eŋutinuwo ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo, ne woaɖe gbe ƒãe le woƒe trɔ̃wo ƒe me kpakple le dukɔ la dome. 10 Wotsɔ eƒe ŋutinuawo va da ɖe Astartewo ƒe me, eye wotsɔ eƒe kukua ku gli ŋu le Bet-San. 11 Ke esi: Yabes-Gileadtɔwo se nusi Filistitɔwo wɔ Saul la, 12 tete ŋutsu kalẽtɔwo dze mɔ zɔ zã blibo la ɖaɖe Saul kple viaŋutsuwo ƒe kukuawo le gli ŋu le Bet-San, eye wova Yabes hetɔ dzo wo le afima. 13 Eye wotsɔ woƒe ƒuwo ɖi ɖe baniti te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana