1 Samuel 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒo nu kple Samuel, eye wobui abe Aƒetɔ la ƒe nyagblɔla nyateƒetɔ ene. 1 Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o. 2 Eva me gbe ɖeka bena, Eli mlɔ emlɔƒe; eƒe ŋkuwo le tsitsim, eye megale nu kpɔm o, 3 womekpɔ tsi Mawu ƒe akaɖiawo haɖe o, eye Samuel mlɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afisi Mawu ƒe aɖaka la le. 4 Tete Yehowa yɔ Samuel, eye wòtɔ gblɔ bena Nyee nye si! 5 Enumake wòƒu du yi Eli gbɔ gblɔ bena; Nyee nye si, elabena eyɔm. Ke eɖo ŋu bena: Nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi! Eye wòyi ɖamlɔ anyi. 6 Ke Yehowa gayɔ Samuel. Tete Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Eɖo ŋu bena: Vinye, nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi! 7 Samuel menya Yehowa haɖe o, eye Yehowa meɖe eƒe nya fiae haɖe o. 8 Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia, enumake wòfɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Tete Eli dze sii bena, Yehowae le ɖevi la yɔm. 9 Eye Eli gblɔ na Samuel bena: Yi ɖamlɔ anyi, ne wogayɔ wò la, ekema gblɔ bena: Ƒo nu, Yehowa! Wò dɔla ke to ɖi. Eye Samuel yi ɖamlɔ emlɔƒe. 10 Tete Yehowa va tsi tre ɖi, eye wòyɔe abe tsã ene bena: Samuel! Samuel! Eye Samuel gblɔ bena: Ƒo nu, wò dɔla ke to ɖi! 11 Tete Yehowa gblɔ na Samuel bena: Kpɔ ɖa, mele nane wɔ ge le Israel, eye amesiame, si asee la, ƒe toawo kple eve me aɖi yeŋ! 12 Gbemagbe mana nusiwo katã megblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu la, nava me; madze egɔme, eye mawu enu. 13 Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o. 14 Eyata meka atam ɖe Eli ƒe aƒe la ŋu bena: Womatsɔ vɔsalã alo nuɖuvɔsa alé avu ɖe Eli ƒe aƒe la ƒe vodada nu akpɔ o! 15 Eye Samuel mlɔ anyi, vaseɖe esi ŋu ke, eye woʋu Yehowa ƒe xɔ la ƒe ʋɔtru. Ke Samuel le ŋutega la gbɔgblɔ na Eli vɔ̃m. 16 Tete Eli yɔ Samuel bena: Vinye Samuel! Etɔ bena: Nyee nye si! 17 Eye wògblɔ bena: Nya ka wogblɔ na wò? Megaɣla naneke ɖem o! Ne èɣla nusi wògblɔ na wò la ɖe ɖem la, ekema Mawu afia wò agafia wò ɖe edzi! 18 Tete Samuel gblɔ wo katã ne, eye meɣla ɖeke ɖee o. Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko! 19 Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o. 20 Eye Israel blibo la tso Dan vaseɖe Beerseba nyae bena, Yehowa bu Samuel nyateƒetɔe, eye wòɖoe nyagblɔɖilae. 21 Eye Yehowa gade asi eɖokuiɖeɖefia me le Silo, elabena Yehowa ɖe eɖokui fia Samuel le Silo to Yehowa ƒe nya la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana