Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Samuel 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Filistitɔwo agbugbɔ Dawid ɖoɖa.

1 Eye Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe vudo la gbɔ le Yezreel.

2 Filistitɔwo ƒe amegãwo ho yi alafaalafa kple akpeakpe: ke Dawid kple eƒe amewo ho mamlea kpe ɖe Axis ŋu.

3 Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena: Nuka dim Hebritɔ siawo le? Axis ɖo ŋu na Filistitɔwo ƒe amegãwo bena: Alo menye eya nye Dawid, Israel-fia Saul ƒe dɔla, si le gbɔnye ƒe eve enye si oa? Eye nyemekpɔ naneke le eŋu, tso esime wòva vaseɖe egbe o.

4 Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo do dɔmedzoe ɖe eŋu, eye Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ ne bena: Na ame sia nagbugbɔ ayi teƒe, si netsɔ nɛ, ne magayi aʋa la kpli mí, eye wòanye miaƒe futɔ le aʋa me o! Elabena nuka ame sia awɔ atsɔ dze eƒe aƒetɔ ŋu, ne menye ame siawo ƒe ta oa?

5 Ɖe menye eyae nye Dawid, amesi nu wodzi ha le heɖu ɣe bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane oa?

6 Tete Axis yɔ Dawid gblɔ nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ame dzɔdzɔe nènye, eye wò aʋahoho kple gbɔgbɔ kplim dze ŋunye; elabena nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le ŋuwò tso gbesigbe nèva gbɔnye vaseɖe egbe o; ke wò nya metrɔ na amegãwo o.

7 Eyata gbugbɔ yi le ŋutifafa me, eye megawɔ nusi medze Filistitɔwo ƒe amegãwo ŋu o!

8 Dawid gblɔ na Axis bena: Nuka mehewɔ, eye nuka nèkpɔ le wò dɔla ŋu, tso gbesigbe meva gbɔwò vaseɖe egbe, esi ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ fia ƒe futɔwo o?

9 Axis ɖo ŋu gblɔ na Dawid bena: Nye la menyae bena, ame nyui nènye abe mawudɔla ene, ke Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena, megayi aʋa la kpli mí o!

10 Eyata mia kple wò aƒetɔ ƒe dɔla, siwo va kpli wò la, mifɔ ŋdi kanya, hafi ŋu nake ade le eme, eye midzo!

11 Tete Dawid kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ le ŋdi hegbugbɔ yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi; ke Filistitɔwo ho yi Yezreel.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa