Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Samuel 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid nɔ Ziklag le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi.

1 Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.

2 Tete Dawid kple ŋutsu alafa aɖe, siwo le eŋu la, dze mɔ yi Gat-fia Axis, Maox vi gbɔ.

3 Eye Dawid kple eƒe amewo, amesiame kple eƒemetɔwo, tsi Axis gbɔ le Gat; Dawid kple srɔ̃a eveawo, siwo nye Axinoam tso Yezreel kple Nabal srɔ̃ Abigail tso Karmel.

4 Esi wova gblɔ na Saul bena, Dawid si yi Gat la, megadii azɔ o.

5 Eye Dawid gblɔ na Axis bena: Ne ève nunye la, ekema na nɔƒem ɖe anyigba dzi duawo dometɔ ɖeka me, ne manɔ afima; nukaŋuti wò dɔla anɔ fiadua me kpli wò?

6 Tete Axis tso Ziklag nɛ gbemagbe; eyata Ziklag zu Yuda-fiawo to vaseɖe egbe.

7 Ŋkeke, siwo Dawid no Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la, le ƒe ɖeka kple dzinu ene.

8 Eye Dawid kple eƒe amewo yi ɖadze Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo dzi; elabena woawo na anyigba la dzi tso tititi yi ɖake de Sur kple Egipte-nyigba ŋu.

9 Tete Dawid si anyigba la, eye mena ŋutsu alo nyɔnua ɖeke tsi agbe o, eye wotso alẽwo kple nyiwo, tedziwo kple kposɔwo kple avɔwo gbɔe va Axis gbɔ.

10 Ne Axis bia bena; afika dzi mieɖadze egbea hã la, Dawid ɖoa ŋu bena: Míetso Yuda ƒe dziehe. Yeraxmeelitɔwo ƒe dziehe kple Kenitɔwo ƒe dziehe.

11 Dawid mena ŋutsu alo nyɔnu tsi agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be: Ale kple ale Dawid wo enye si. Alea wòwɔ le ŋkeke, siwo katã wònɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la me.

12 Axis ɖo ŋu ɖe Dawid ŋu hebu bena, anya wɔ nu baɖaa ɖe le eƒe dukɔ Israel gbɔ, eye wòanye yeƒe dɔla ɖaa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa