1 Samuel 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid tso Saul ƒe akplɔ kple tsinokplu, eye wodo ŋukpee zi evelia, le esime wòkpɔ eƒe agbe ta. 1 Eye Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Dawid yia eɖokui ɖe Xaxila-togbɛ la dzi le gbegbe la kasa. 2 Tete Saul dze mɔ yi Sif-gbedzi, eye Israel-ŋutsu tiatia akpe etɔ kpe ɖe eŋu, ne woadi Dawid le Sif-gbedzi. 3 Eye Saul ƒu asaɖa anyi ɖe Xaxila-togbɛ, si le gbegbe la kasa le mɔ to la dzi; ke Dawid le gbeadzi. Esi Dawid kpɔ be, Saul ti eyome va gbea dzi la, 4 edɔ ŋkutsalawo ɖa, eye wose be, Saul va vavã. 5 Eye Dawid tso heva afisi Saul ƒu asaɖa anyi ɖo, eye Dawid kpɔ afisi Saul kple eƒe aʋafia Abner, Ner vi la mlɔ; Saul mlɔ tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, eye aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo. 6 Tete Dawid xɔ edzi gblɔ na Xititɔ Aximelex kple Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi bena: Amekae ayi Saul gbɔ le asaɖa me kplim? Abisai ɖo ŋu bena: Mayi kpli wò! 7 Eye Dawid kple Abisai wova aʋakɔ la gbɔ le zã me; kpo ɖa, Saul mlɔ anyi le alɔ̃ dam le tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyi ɖe eƒe tade, eye Abner kple aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo. 8 Tete Abisai gblɔ na Dawid bena: Mawu tso wò futɔ de asi na wo egbe, eyata na matu akplɔ edzi zi ɖeka pɛ amimi ɖe anyigba, nyemele eda ge zi eve o! 9 Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa? 10 Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi! 11 Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo! 12 Tete Dawid tso akplɔa kple tsize la le Saul ƒe tade eye wodzo: ke amea ɖeke mekpɔe o, amea ɖeke menyae o, eye amea ɖeke menyɔ o; ke boŋ wo katã wodɔ alɔ̃, elabena Yehowae na wodo alɔ̃ ku bliblibli. 13 Eye Dawid yi go keme hetsi tre ɖe to la tame le adzɔge, eye wo dome didi. 14 Tete Dawid yɔ aʋakɔ la kple Abner, Ner vi ɖa bena: Abner, mèle tɔtɔ ge oa? Abner ɖo ŋu bena: Ameka nye ekema le ɣli dom ɖe fia la ta? 15 Eye Dawid gblɔ na Abner bena: Menye ŋutsue nènye oa? Ameka de nuwò le Israel? Nukaŋuti mèdzɔ wò aƒetɔ fia la ŋu oa? Elabena amea ɖe tso dukɔ la dome va, be yeawu wò aƒetɔ fia la. 16 Menye nu nyui nye esia nèwɔ o. Meta Yehowa ƒe agbe be: Mi amesiwo medza miaƒe aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o la, miedze ku! Azɔ kpɔe ɖa be, afika fia ƒe akplɔ kple tsize, si le eƒe tade la le hã? 17 Saul dze si Dawid ƒe gbe, eye wògblɔ bena: Wò gbeea, vinye Dawid? Dawid ɖo ŋu bena: Nye gbee, nye aƒetɔ fia! 18 Eye wògblɔ bena: Nukaŋuti nye aƒetɔ le eƒe dɔla yome tim? Nuka mewo, eye vɔ̃ ka le ŋunye? 19 Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo! 20 Eyata nye ʋu megage ɖe anyigba ɖe adzɔge tso Yehowa ƒe ŋku ta o, elabena Israel-fia do be, wòadi dosu ɖeka, abe alesi wotia tegli yome le towo dzi ene. 21 Tete Saul gblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, gbugbɔ, vinye Dawid, nyemagawɔ vɔ̃a ɖeke wò azɔ o, elabena nye agbe xɔ asi le ŋkuwò me egbe, kpɔ ɖa, mewo lãnu, eye meda ƒu ŋutɔ. 22 Dawid ɖo ŋu gblɔ bena: Kpɔ ɖa, fia ƒe akplɔ enye si, ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka neva afi, ne woaxɔe! 23 Yehowa aɖo amesiame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ, elabena Yehowa tsɔ wò de asi nam egbe, eye nyemeɖe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o. 24 Kpɔ ɖa, alesi wò agbe nye nu gã le ŋkunye me egbe la, nenema ke nye agbe anye nu gã le Yehowa ŋku me, eye wòaɖem tso hiãwo katã me. 25 Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Woayra wò, vinye Dawid; àdze egɔme, eye awu enu! Tete Dawid lé eƒe mɔ, eye Saul gbugbɔ yi enɔƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana