Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Samuel 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid kpɔ Saul ƒe agbe ta, eye wòna bena, wòdze si eƒe ʋumadzɔmadzɔ.

1 Eye Dawid tso afima yi ɖanɔ totamemɔ̃ me le En-Gedi.

2 Esi Saul gbɔ tso Filistitɔwo yometiƒe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, Dawid le En-Gedi-gbedzi!

3 Tete Saul ɖe ŋutsu tiatia akpe etɔ le Israel blibo la me heyi, be woaɖi Dawid kple eƒe amewo le agamegbɔ̃gakpe la dzi.

4 Eye wova alẽkpɔwo gbɔ le mɔ to, afisi agadoa ɖe le, eye Saul yi ɖe eme, be yeade afɔdzi; ke Dawid kple eƒe amewo le agado la ƒe agɔ me gbɔ.

5 Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, esia nye ŋkeke, si ŋu Yehowa gblɔ le na wò be, yeatsɔ wò futɔ ade asi na wò, eye nawɔ nusianu, si dze ŋuwò la, ɖe eŋu! Eye Dawid tso yi ɖalã awu ʋlaya, si Saul do la nu dzaa.

6 Ke esi Dawid wòe vɔ la, eƒe dzi lã kpò, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya nu la ta.

7 Eye wògblɔ na eƒe amewo bena: Neɖe megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawo nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.

8 Ke Dawid gbe nya na eƒe amewo, eye mena ma be, wòadze Saul dzi o; eye Saul tsi tre tso agado la me helé eƒe mo.

9 Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.

10 Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèle amegbetɔ ƒe gbe sem be, Dawid le wò vɔ̃ ɖim?

11 Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.

12 Fofonye, kpɔ ɖa, wò awu ʋlaya nu enye si le asinye; esi melã wò awu ʋlaya nu, eye nyemewu wò o la, nadze sii bena, vɔ̃ alo tame vɔ̃a ɖeke mele menye o, eye nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe ŋuwò o; ke wò la èle nye agbe ɖim be, yeaɖe ɖa.

13 Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, eye Yehowa nabia hlɔ̃ wò nam, ke nye asi made ŋuwò o!

14 Abe alesi blematɔwo doa lo ene be: Ame vɔ̃ɖiwo gbɔ nu vɔ̃ɖi tsona! Ke nye asi made ŋuwò o!

15 Ameka gɔ̃ yome Israel-fia la dze, eye ameka yome nètí? Avũ kuku alo dosu ɖeka kolia?

16 Yehowa nanye ʋɔnudrɔ̃la, eye woadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, akpɔ nya me, eye woaxɔ nya ɖe nunye atso afia nam ɖe ŋuwò!

17 Esi Dawid wu nuƒoƒo na Saul nu vɔ la, Saul gblɔ bena: Vinye Dawid, wò gbee nye esia? Eye Saul fa avi kple ɣli

18 hegblɔ na Dawid bena: Enye ame dzɔdzɔe wum, elabena èwɔ nyui nam, ke nye la mewo vɔ̃ ɖe ŋuwò!

19 Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.

20 Ɖe amea ɖe atu eƒe futɔ, eye wòana wòalé eƒe mo kɔ̃a? Eyata Yehowa natsɔ nyui aɖo eteƒe na wò le nusi nèwɔ nam egbe la ta!

21 Ke kpɔ ɖa, menyae be, èle fia zu ge, eye Israel-fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò.

22 Eyata ta Yehowa nam be, matsrɔ̃ megbenye viwo o, eye màtsrɔ̃ nye ŋkɔ ɖa le fofonye ƒe me o!

23 Tete Dawid ka atam na Saul; eye Saul yi aƒe, ke Dawid kple eƒe amewo yi mɔ̃ me le to la dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa