Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Samuel 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Samuel si ami na Saul.

1 Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?

2 Ne edzo le gbɔnye egbea la, ado go ŋutsu eve le Raxel ƒe yɔdo gbɔ le Benyamin-nyigba dzi le Zelzax, eye woagblɔ na wò bena: Wokpɔ tedzinɔ, siwo di ge neyi la, eye fofowò tasi tedzinɔwo ƒe nya hele nu xam le mia ŋu gblɔ bena: Nuka mawɔ le vinye ta?

3 Ne eyi azɔlia dzi tso afima va ɖo logotiwo gbɔ le Tabor la, ekema akpe ŋutsu etɔ̃ le afima, siwo yina ɖe Mawu gbɔ le Betel; ɖeka lé gbɔvi etɔ̃ ɖe ta, evelia tsɔ abolo bɔbɔ etɔ̃, eye etɔ̃lia kpla wein lãgbalẽgolo ɖeka.

4 Woana ɖoaƒe wò, eye ne wotsɔ abolo eve na wò la, naxɔe!

5 Emegbe ava Mawu ƒe Gibea, afisi Filistitɔwo ɖo dzɔlawoe. Eye avɔ me be, ne èɖo dua me afima la, akpe nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe, siwo tso to dzi, eye saŋku, axatsɛ, dze kple kasaŋku le ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo le nya gblɔm ɖi.

6 Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò, eye ade asi nyagbɔgblɔ me ɖi akpe ɖe wo ŋu, eye atro zu ame bubu sa.

7 Ne dzesi siawo va me na wò la, ekema wo nusi tsɔ ɖe asi gbɔ na wò, elabena Mawu li kpli wò!

8 Dze ŋgɔnye yi Gilgal, eye kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwo, be masa numevɔ kple akpedavɔ. Lala ŋkeke adre, vaseɖe esime mava gbɔwò, eye magblɔ nusi na wo la na wò!

9 Eye esi wòtrɔ be, yeadzo le Samuel gbɔ la tete Mawu trɔ eƒe dzi bubui, eye dzesiawo katã va me gbemagbe.

10 Esi wòva ɖo Gibea la, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe va do goe, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi wògblɔ nya ɖi le wo dome.

11 Esi amesiwo katã nyae tsã, kpo be, ele nya gblɔm ɖi kpe ɖe nyagblɔɖilawo ŋu la, amewo bia wo nɔewo bena: Nuka le Kis ƒe vi la wɔm? A, Saul hãe le nyagblɔɖilawo ɖomea?

12 Tete amea ɖe ɖo ŋu le afima bena: Ameka nye woawo ya fofo? Eyata wòtrɔ zu lodonya be: A, Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?

13 Esi wowu nyagbɔgblɔɖi nu la, eva to la dzi.

14 Eye Saul nyuri gblɔ na eya kple dɔla la bena: Afika mietso? Eɖo ŋu bena: Tedzinɔwo di ge mietso, eye esi miekpɔ wo le afia ɖeke o la, mieyi Samuel gbɔ.

15 Tete Saul nyuri gblɔ bena: Taflatse, gblɔe nam, aleke Samuel gblɔ na mi?

16 Saul ɖo ŋu na nyuria bena: Egblɔ na mi be, wokpɔ tedzinɔwo xoxo. Ke meto fiaɖuɖu ŋu nya, si Samuel gblɔ la nɛ o.


Woɖo na Saul to nudzidze me.

17 Eye Samuel yɔ dukɔ la va Yehowa ŋku me le Mizpa.

18 Eye wogblɔ na Israel-viwo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekplɔ Israel tso Egipte, eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple fiaɖuƒe, siwo te mi ɖe anyi la si me.

19 Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!

20 Eye Samuel na Israel-toawo te va, eye nudzidze lé Benyamin-to la.

21 Benyamin-to la te va le woƒe ƒomeawo nu, eye nudzidze lé Matri-ƒome la hedze Kis vi Saul dzi: eye wòdu, gake womekpɔe o.

22 Eye wogabia nu Yehowa bena: Ɖe ame la hã va afisia? Yehowa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, eɣla ɖe agbawo totro me.

23 Tete woƒu du ɖahee tso afima vɛ, eye esi wòva dukɔa dome la, ekɔ, ale be dukɔ la se abɔta nɛ.

24 Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!

25 Azɔ Samuel gblɔ fiaɖuɖu ƒe kɔnuwo na dukɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me hetsɔ da ɖe Yehowa ŋku me. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, amesiame yi aƒe.

26 Eye Saul hã yi aƒe le Gibea, eye kalẽtɔ, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la, yi kplii.

27 Ke ame vloa ɖewo gblɔ bena: Amesia hãe aɖe mía? Wodo vloe, eye wometsɔ nunanaa ɖeke vɛ nɛ o. Gake esee, abe ɖe mesee o ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa