1 Mose 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amegbetɔwo ƒe nu tovo wɔwɔ. 1 Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la, 2 mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu. 3 Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave! 4 Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema. 5 Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la, 6 eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye woɖu dzi nɛ. 7 Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, tso amewo kple lãwo dzi vaseɖe nu tatawo kple dziƒoxe dzodzoewo dzi, elabena evem bena, mewɔ wo. 8 Ke Yehowa ve Noa nu. Noa. 9 Esia enye Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu. 10 Eye Noa dzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Xam kple Yafet. 11 Eye xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. 12 Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi. Gbeƒãɖeɖe tsiɖɔɖɔ Aɖakanututu. 13 Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa. 14 Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò, eye natso eme keŋ, atsɔ aŋɔ atre eme kple ekɔgo. 15 Eye ale nawɔe enye si; Aɖakaʋu la ƒe didime nanye abɔklugui alafa etɔ̃, eƒe kekeme nanye abɔklugui blaatɔ̃, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui blaetɔ̃. 16 Eye naɖe fesre, siwo akɔ abɔklugui ɖeka la, ɖe aɖakaʋu la ƒe gliwo dzi aƒo xlãe godoo va kpe; eye naɖe ʋɔtru aɖakaʋu la ƒe axa dzi, eye nawɔ dzisasrã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple elametɔ. 17 Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku. 18 Ke mabia nu kpli wò bena, nayi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple srɔ̃wò hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋu. 19 Ɖe nu gbagbewo katã kple ŋutilãwo katã eveveve yi ɖe aɖakaʋu la me, ne woanɔ agbe kpli wò; woanye atsu kple asi 20 Dziƒoxe dzodzoewo le woƒe ƒomeviwo nu, aƒemelãwo le woƒe ƒomeviwo nu kple nu, siwo katã tana le anyigba la dzi, le woƒe ƒomeviwo nu, wo dome eveveve woava gbɔwò, bena woanɔ agbe. 21 Ke wò la tsɔ nuɖuɖu ƒomevi vovovo, siwo katã woɖuna la, dzra ɖo ɖe gbɔwò, bena woanye nuɖuɖu na mia kpli wo siaa. 22 Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana