Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Mose 44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yosef do ŋɔdzi na nɔviawo.

1 Emegbe la ede se na eƒe aƒe dzikpɔla bena: De bli ŋutsuawo ƒe kotokuwo me taŋ, alesi nu anya tsɔ na wo, eye natsɔ amesiame ƒe ga ada ɖe blia dzi le kotokua me.

2 Eye natsɔ nye klosalokplu ade ɖevitɔ ƒe kotoku me hekpe ɖe ga, si wòtsɔ va blia ƒle gee la ŋu. Tete wòwɔe, abe alesi Yosef gblɔ nɛ ene.

3 Le ŋdi kanya la wodo mɔ ŋutsuawo woyi kple woƒe tedziwo.

4 Eye esi wodo go le dua me, eye wo yome mebu haɖe o la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla bena: Tso, nati ŋutsuawo yome, eye ne etu wo la, nagblɔ na wo bena. Nukaŋuti mietsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe mahã?

5 Alo menye eya me nye aƒetɔ noa nu lena, eye eya me wokpɔa nu lena dzea sii o mahã? Miewɔ busunu!

6 Esi wòva tu wo la, eƒo nu kpli wo alea tututu.

7 Wodo ŋu nɛ bena: Ao, aƒetɔ, nukaŋuti nèle nu ƒom ale? Nu sia wɔwɔ nede megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ!

8 Ga, si miekpɔ le miaƒe kotokuawo mele blia dzi la, míegatsɔ wo tso Kanaan-nyigba dzi vɛ na wò, aleke awɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe me mahã?

9 Wo dɔla, si gbɔ nakpɔe le la, naku; ke mí ame mamleawo miazu mia aƒetɔ ƒe kluviwo.

10 Eɖo ŋu bena: Enyo, woawɔ nenema, abe alesi miegblɔ ene. Amesi gbɔ woakpɔe ale la, nazu nye kluvi: ke mi ame mamleawo miadzo ayi faa.

11 Enumake wo dome ɖesiaɖe ɖiɖi eƒe kotokua ɖe anyigba, eye amesiame tu eƒe kotoku la.

12 Eye wòde asi edidi me, dze egɔme tso xoxoetɔ dzi va wu enu ɖe ɖevitɔ dzi, eye wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me.

13 Tete wodze woƒe awuwo, eye wo dometɔ ɖesiaɖe gado agba na eƒe tedzi, eye wogatrɔ va du la me.

14 Eye esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒe me la, Yosef gale afima ko — tete wodze klo ɖe ta agu nɛ.

15 Yosef gblɔ na wo bena: Nuka enye si miewɔ? Ɖe mienyae bena, amegã menye, eye mekaa nu o mahã?

16 Eye Yuda ɖo ŋu bena: Nuka miagblɔ na nye aƒetɔ, eye nu ka míaƒo, alo aleke miaɖe mia ɖokui nuí, esi Mawu kpɔ wò dɔlawo ƒe vodada la? Kpɔ ɖa, miawo kple amesi gbɔ wokpɔ kplua le la, miazu nye aƒetɔ ƒe kluviwo.

17 Eɖo ŋu bena: Esia wɔwɔ neɖe megbe xaa tso gbɔnye! Amesi gbɔ wokpɔ kplua le la, eya anye nye kluvi: ke miawo miagbugbɔ ayi mia fofo gbɔ faa.

18 Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.

19 Nye aƒetɔ bia eƒe dɔlawo bena: Ɖe fofo alo nɔviŋutsu gale mia siá?

20 Míegblɔ na nye aƒetɔ bena: fofo gale mia si, si ku amegã ɖeɖi, eye wodzi dɔmlɔea nɛ le eƒe amegãkuku me. Ke dadavia ku, eye eya ɖeka koe susɔ na dada, eye fofoa lɔ̃nɛ.

21 Eye nègblɔ na wò dɔlawo bena: mikplɔe vɛ nam, ne makpɔ.

22 Mieɖo ŋu na nye aƒetɔ bena: Ɖevi la mate ŋu agblẽ fofoa ɖi o, ne egblẽe ɖi la, ekema fofoa aku.

23 Tete nègblɔ na wò dɔlawo bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ o la, ekema migava do ɖe nye ŋku me o.

24 Esi mietrɔ va wò dɔla, fofonye gbɔ la, miegblɔ nye aƒetɔ ƒe nyawo nɛ.

25 Emegbe mía fofo gblɔ bena: Migayi ɖa ƒle bli vɛ.

26 Ke mieɖo ŋu bena: Míate ŋui o! Ne mia nɔvi ɖevitɔ le eme la, eya ko míayi. Elabena miate ŋu ado ɖe ŋutsu la ƒe ŋku me o, ne mia nɔvi ɖevitɔ mele mía me o.

27 Tete wò dɔla, fofonye gblɔ na mi bena: Mienyae bena, vi eve siawo ko srɔ̃nye dzi nam.

28 Ɖeka gblẽm ɖi, eye mesusu be, lãa ɖe vuvui, eye va ɖo egbee nyemegakpɔe kpɔ o.

29 Ne miekplɔ eya hã le gbɔnye yii, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi la, ekema etso mia gbɔ, ne nye amegã wɔtamee sia matsɔ konyifafa ayi tsiẽƒee.

30 Azɔ ne mava ɖo wò dɔla fofonye gbɔ, eye ɖevi, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, megale mia dome o la,

31 ekema aku, ne ekpɔ be, ɖevi la megale mía dome o la. Eye wò dɔla aɖi fɔ, ne wò ɖɔla mía fofo wɔtamee la atsɔ konyifafa ayi tsiẽƒee.

32 Elabena wò dɔlae nɔ ɖevia nu le fofonye gbɔ, eye medo ŋugbe ne be: ne nyemegakplɔ ɖevi la vɛ na wo o la, ekema manye fɔɖila le fofonye gbɔ le nye agbe me ŋkekewo katã me.

33 Eyata meɖe kuku na wò, wò dɔla nazu kluvi na nye aƒetɔ ɖe ɖevi la teƒe, ne ɖevia nayi aƒe kple nɔviawo.

34 Aleke wɔ mayi fofonye gbɔ, ne ɖevi la mele ŋunye oa? Nyemagate ŋu akpɔ fofonye ƒe konyifaƒe o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa