1 Mose 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dina kple Sixem. 1 Gbe ɖeka Dina, Lea ƒe vinyɔnu, tsi wòdzi na Yakob la, do go yi dua me nyɔnuviwo kpɔ ge ɖa. 2 Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe. 3 Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me. 4 Emegbe la Sixem gblɔ na fofoa Xamor bena: Ɖe ɖetugbi sia nam! 5 Eye Yakob se be, wogblẽ vianyɔnu Dina, ke viaŋutsuwo le gbedzi le eƒe alẽhawo gbɔ, eye Yakob zi kpi, vaseɖe esime wogbɔ. 6 Eye Xamor, Sixem fofo, yi Yakob gbɔ, be wòaƒo nu kplii. 7 Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o. 8 Eye Xamor ƒo nu kpli wo gblɔ bena: Vinye Sixem ƒe dzi ku de mia nɔvinyɔnu la ŋuti; mede kuku, mitsɔe nɛ, ne wòaɖe. 9 Eye mina miaɖe srɔ̃ ɖekae, mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí, eye miawo hã miatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na mi. 10 Minɔ mía gbɔ, kpɔ ɖa, anyigba la enye si, minɔ edzi, eye miatsa le edzi, eye míatsi edzi dika. 11 Tete Sixem gblɔ na fofoa kple nɔviawo bena: Ne miave nunye la, ekema nusianu, si miabiam la, mana. 12 Tabianu kple akpedanu, alesi nu miabiam la, mana, abe alesi miedi ene; mitsɔ ɖetugbivi la nam made ko. 13 Eye Yakob viŋutsuwo do ŋu na Sixem kple fofoa Xamor le aye me, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina. 14 Eye wogblɔ na wo bena: Míate ŋu awɔ nya sia dzi be, miatsɔ mía nɔvinyɔnu na bolobolotɔ o, elabena esia enye ŋukpe na mí. 15 Negbe ne mianɔ abe miawo ene, eye mia dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa la, eya ko hafi míalɔ̃. 16 Ekema miatsɔ mía nyɔnuviwo na mi, eye miawo hã miaɖe mia nyɔnuviwo; mianɔ mia gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka. 17 Ke ne mieɖo to mi, eye mietso aʋa o la, ekema miaxɔ mía nɔvinyɔnu la adzoe. 18 Nya siawo dze to na Xamor kple via Sixem. 19 Eye ɖekakpui la, amesi fofoa ƒemetɔwo buna ŋutɔ la, meɖe: ɖe megbe le ewɔwɔ me o, elabena Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyo eŋu ŋuta. 20 Eye Xamor kple via Sixem wova du la ƒe agbo nu, eye woƒo nu kple dua me ŋutsuwo bena: 21 Ŋutsu siawo nye ame fafawo le mia dome; eyata mina, woatso aƒe ɖe miaƒe anyigba dzi, eye woatsa le edzi. Kpɔ ɖa, anyigba la keke na wo le goawo katã me. Miaɖe woƒe nyonuviwo faa, eye miawo hã miatsɔ mía nyɔnuviwo na wo. 22 Ne mía dome ŋutsu sia ŋutsu atso aʋa, abe alesi woawo hã tso aʋae ene la, eya ko ŋutsuawo alɔ̃ anɔ mía gbɔ, bena míazu dukɔ ɖeka. 23 Woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple woƒe dɔwɔlãwo katã la menye mia tɔ, woanye oa? Eyata mina míawɔ woƒe nya la dzi, ekema woanɔ mia gbɔ. 24 Tete amesiwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Xamor kple via Sixem, eye dua me ŋutsuwo katã tso aʋa. Ʋu kɔkɔɖeanyi le Sixem. 25 Le ŋkeke etɔ̃agbe, esi abi la le wo vem, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Lewi, siwo nye Dina nɔviwò lã, wotsɔ woƒe yiwo dze du la dzi hewu ŋutsuwo katã. 26 Wowu Xamor kple via Sixem hã kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sixem ƒe me hedzoe. 27 Ke Yakob vi mamleawo va ɖe nu le ame kukuawo ŋu, eye woha du la, elabena wogblẽ wo nɔvinyɔnu. 28 Eye wokplɔ woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo, eve wotso nusiwo wokpɔ le dua me kple agble me la, hedzoe 29 Woha woƒe kesinɔnuwo katã, eye woɖe aboyo ɖeviwo kple nyɔnuwo siaa, eye woha woƒe xɔme nuwo hã. 30 Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã. 31 Woɖo ŋu ne bena: Ɖe eya kpɔ mɔ abu mia nɔvi gboloe mahã? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana