1 Mose 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu yra Yakob to vidzidzi me. 1 Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku! 2 Tete Yakob do dɔmedzoe ɖe Raxel ŋuti gblɔ bena: Alo Mawu ye menye, amesi xe wò vidzidɔa? 3 Eye wògblɔ bena: Nye kosi Bilha enye si, ɖɔ kplii, bena wòadzi vi ɖe nye akɔ, eye maxɔ mamayɔvi tso egbɔ! 4 Eye wòtsɔ eƒe kosi Bilha ne wòde, eye Yakob dɔ kplii. 5 Eye Bilha fɔ fu dzi ŋutsuvi na Yakob. 6 Tete Raxel gblɔ bena: Mawu tso afia nam, ese nye gbe, eye wòna ŋutsuvim. Eyata wòna ŋkɔe be Dan. 7 Eyome la Raxel ƒe kosi Bilha gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob. 8 Eye Raxel gblɔ bena: Meʋli heƒo koko na Mawu le nɔvinye ta, meɖu dzi Eyata wòna ŋkɔe bena Naftali. 9 Ke esi Lea kpɔ bena, yemegale vi dzim o la, etsɔ eƒe kosi Silpa na Yakob wòɖe. 10 Eye Silpa, Lea ƒe kosi la, dzi ŋutsuvi na Yakob. 11 Tete Lea gblɔ bena: Nye Mawu ɖi! Eye wòna ŋkɔe be Gad. 12 Eyome Silpa, Lea ƒe kosi la, gadzi ŋutsuvi evelia na Yakob. 13 Tete Lea gblɔ bena: Mekpɔ dzɔgbe nyui! Azɔ vinyɔnuwo akafum bena, dzɔgbenyuitɔ menye. Eyata wòna ŋkɔe be Aser. 14 Le luŋeɣi la Ruben yi agble me, eye wòkpɔ agbitsa tsɔ vɛ na dada Lea. Tete Raxel gblɔ na Lea bena: Meɖe kuku, na viwò ƒe agbitsa la ɖem! 15 Eɖo ŋu nɛ bena: Alo mesɔ gbɔ be, nèxɔ srɔ̃nye le asinye oa? Azɔ nèle didim be, nagaxɔ vinye ƒe agbitsa hãa? Tete Raxel gblɔ bena: Ekema nedɔ gbɔwò egbe zã ɖe viwò ƒe agbitsa la nu! 16 Esi Yakob gbɔ tso gbe me le fiẽ la, Lea yi ɖakpee gblɔ bena: Gbɔnyee nava, elabena mexe fe ɖe tawo kple vinye ƒe agbitsa! Eye wòdɔ egbɔ le zã ma me. 17 Eye Mawu ɖo to Lea, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia na Yakob. 18 Eye Lea gblɔ bena: Mawu xe fe nam, elabena metsɔ nye kosi na srɔ̃nye wòɖe. Eyata wòna ŋkɔe be Isaxar. 19 Eyome Lea gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob. 20 Tete Lea gblɔ bena Mawu na nu nyuia ɖem, azɔ srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ. Eyata wòna ŋkɔe be Zebulon. 21 Emegbe la edzi nyɔnuvi, eye wòna ŋkɔe be Dina. 22 Tete Mawu ɖo ŋku Raxel dzi, eye Mawu ɖo toe, eye wòʋu eƒe vidzidɔ. 23 Eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi, tete wògblɔ bena: Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa! 24 Eyata wòna ŋkɔe be Yosef; elabena egblɔ be: Yehowa agatsɔ ŋutsuvi bubu akpee nam. Yakob ƒe kesinɔnuwo. 25 Ke esi Raxel dzi Yosef megbe la, Yakob gblɔ na Laban bena: Do mɔm, ne mayi mía de. 26 Tsɔ srɔ̃nye kple vinye, siwo ta mesubɔ wò ɖo la nam, ne madzo; elabena wò ŋutɔ ènya alesi mesubɔ wòe! 27 Tete Laban gblɔ nɛ bena: Ve nunye dzro! Elabena medze sii bena, Yehowa yram le tawo. 28 Eye wògayi edzi bena: Gblɔ fetu, si dim nèle la nam, ne mana wò! 29 Eɖo ŋu nɛ bena: Wò ŋutɔ ènya alesi mesubɔ wòe, kple alesi wò lãha va zu le gbɔnye. 30 Nusi le asiwò hafi meva la, ele sue ko; ke azɔ la edzi ɖe dzi ŋutɔ, eye afisiafi, si meto la, Yehowa yraa wò; ke ɣekaɣi gɔ̃e nye hã mawɔ dɔ na ɖokuinye? 31 Tete wògblɔ bena: Nuka mana wò? Yakob ɖo ŋu bena: Nyemaxɔ agaga femee hã le asiwò o, negbe ne alɔ nusi magblɔ na wò la dzi ko; na maganyi wò alẽwo, eye makpɔ wo dzi. 32 Egbe la matsa le wò lãha la katã me, eye maɖe lã, siwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ la, ɖe vovo: Alẽvi, siwo le yibɔ, kple gbɔ̃, siwo tso kpɔ, kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la, nanye nye fetu! 33 Gbesigbe nava kpɔ nye fetua ɖa la, ekema nye anukwareɖiɖi adze ƒã; ne àkpɔ gbɔ̃, si mele ŋɔtaŋɔta o, kple esi metso kpɔ o, kpakple alẽvi, si mele yibɔ o la, ekema ɖe mefii. 34 Laban ɖo ŋu bena: Nenɔ nenema, abe alesi negblɔ ene. 35 Gbemagbe ke wòɖe gbɔ̃tsu, siwo me fli to, kple esiwo tso kpɔ, kple gbɔ̃nɔ, siwo katã le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ — lã sia lã, si me ɣi to — kpakple alẽvi, siwo le yibɔ la, ɖe vovo, eye wòde wo asi na viawo. 36 Eye wòɖo be, ye kple Yakob dome mɔ nadidi ŋkeke etɔ, eye Yakob nyi Laban ƒe lã mamleawo. 37 Tete Yakob tsɔ logo, xe kple nyati mumuwo, eye woŋlɔ wo ŋu ale: eɖe tsroa ɖe le wo ŋu, eye wòkpɔtɔ ɖe ɖe wo ŋu. 38 Emegbe la etsɔ ati, siwo woŋlɔ la, da ɖe lãwo ƒe tsinonu me, eye ne lãwo le asi yɔm le tsinɔƒea la, etsɔa wo dana ɖe woƒe ŋku me. 39 Eye ne lãwo lé ŋku ɖe atiawo ŋu hafi fɔ fu la, ekema wodzia vi, siwo me fũ to, kple esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ. 40 Eye Yakob ɖe lãviawo ɖo Laban ƒe lã, siwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ la kasa. Ale wòɖo lãha tɔxe na eɖokui, eye mena wotɔtɔ kple Laban towo o. 41 Eye ne lã sesẽtɔwo le asi yɔm la, Yakob tsoa ati ŋɔŋlɔawo dana ɖe lãwo ƒe ŋku me le tsinonu la mè, bena woafɔ fu ɖe ati ŋɔŋlɔawo ŋu. 42 Ke nenye lã beliwoe la, metsɔnɛ ɖoa woƒe ŋku me o; eyata lã beliawo zua Laban tɔ, ke sesẽawo zua Yakob tɔ. 43 Eye ŋutsu la ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe dzi ŋutɔ, eye wòkpɔ alẽwo kple gbɔwò, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana