Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Mose 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sara ƒe ku kple eɖiɖi.

1 Sara xɔ ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre; esia nye Sara ƒe agbe me ƒewo.

2 Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.

3 Eye Abraham tso le ame kuku la gbɔ, eye wòƒo nu kple Xitiviwo bena:

4 Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!

5 Eye Xitiviwo ɖo ŋu na Abraham bena:

6 Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o.

7 Tete Abraham tsi tre, eye wobɔbɔ na anyigbadzitɔ, siwo nye Xitiviwo,

8 eye wòƒo nu kpli wo bena: Ne mielɔ̃ bena, maɖi nye ame kukua la, ekema miɖo tom, eye miɖe kuku na Efron Zoxar-vi nam

9 be, wòatsɔ eƒe kpeto Maxpela, si le eƒe agble ƒe nuwuƒe la nam, eye maxe fe ɖe eta blibo, ne wòanye nye ameɖiƒe koŋ le mia dome.

10 Ke Efron le Xitiviawo dome Eye Efron Xititɔ la ɖo ŋu na Abraham le Xitiviwo kple amesiwo katã va dua me la ƒe ŋku me bena:

11 Nye amegã, ɖo tom! Metsɔ agble lã kple kpeto, si le eme la, ke wò. Le nye dumetɔwo katã ŋku me metsɔe ke wò, ɖi wò ame kuku la ko!

12 Tete Abraham bɔbɔ na duametɔwo,

13 eye wòɖo ŋu na Efron bena: Mi duameviwo misee! Maxe fe ɖe agble la ta; meɖe kuku na wò, xɔ ga le asinye, be mate ŋu aɖi nye ame kukua ɖe afima!

14 Efron ɖo ŋu na Abraham bena:

15 Amegã, se nye gbe! Anyigba, si ke xɔ klosalo sekel alafa ene la, nuka wònye le mía kpli wò domee? Ɖi wò ame kukua ko.

16 Abraham ɖo to Efron, eye Abraham xlẽ ho, si Efron yɔ le Xitiviawo ŋku me la ne, klosalo sekel alafa ene, ga nyui, si asitsalawo xɔna.

17 Ale Efron ƒe agble, si le Maxpela le Mamre kasa, agble la kple kpeto, si le eme, kple ati, siwo katã le agblea me godoo la,

18 zu Abraham tɔ le Xitiviawo kple amesiwo katã va dua me la ŋku me.

19 Esia megbe la Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto, si le Maxpela-gblea me la me le Mamre kasa; esia enye Hebron le Kanaan-nyigba dzi.

20 Ale Xitiviwo ɖe asi le agble la kple kpeto, si le eme la ŋuti na Abraham, be wòanye ameɖiƒe nɛ koŋ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa