1 Mose 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Abram ɖe Hagar. 1 Eye Abram srɔ̃ Sarai medzi vi nɛ kpɔ o. Ke Egipte-nyɔnua ɖe, si woyɔna be Hagar la, nye eƒe kosi. 2 Eye Sarai gblɔ na Abram bena: Kpɔ ɖa, Yehowa xe nye vidzidɔ, eyata dɔ kple nye kosi la, ɖewohĩ maxɔ mamayɔvi mahĩ? Eye Abram ɖo to Sarai ƒe gbe. 3 Le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi nɔnɔ ƒe ewo megbe la, Sarai, Abram srɔ̃, tsɔ eƒe kosi, Egipte-nyɔnu Hagar, na srɔ̃a Abram wòɖe. 4 Eye wòdɔ kple Hagar, eye wòtɔ fu. Ke esi wòkpɔ bena, yefɔ fu la, eva eƒe aƒenɔ kpɔ ge ɖe ƒomevii. 5 Eye Sarai gblɔ na Abram bena: Nu manyomanyo, si teƒe kpɔm mele la, etso gbɔwò. Nye ŋutɔ metsɔ nye kosi na wò; ke azɔ esi wòkpɔ bena, yefɔ fu ko la, eva kpɔ ye ge ɖe ƒomevii. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome! 6 Tete Abram gblɔ na Sarai bena: Kpɔ ɖa, wò kosi la le asiwò me, wɔ nusianu, si nyo ŋuwò la, ɖo eŋu faa! Tete Sarai bɔbɔe ɖe anyi; eyata wòsi le egbɔ. Hagar si, eye wògatrɔ gbɔ. Hagar dzi Ismael. 7 Ke Yehowa ƒe dɔla kpɔe le tsivudoa ɖe, si le gbe dzi le Sur-mɔ dzi la to. 8 Eye wògblɔ nɛ bena; Hagar, Sarai ƒe kosi, afika nètso, eye afika néyina? Eɖo ŋu bena: Ɖe mesi le nye aƒenɔ Sarai gbɔ. 9 Eye Yehowa ƒe ɖɔla la gblɔ nɛ bena: Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete! 10 Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Mawɔ wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ŋutɔ, ale bena le woƒe agbɔsɔsɔ ta womate ŋu axlẽ wo o. 11 Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti 12 Awɔ nu abe lu ene, akɔ asi dzi ɖe amesiame ŋu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe eya hã ŋu, eye wòatigi nɔvia wo katã ɖo. 13 Tete wòyɔ Yehowa, amesi ƒo nu kplii la ƒe ŋkɔ bena: Wòe nye Mawu nusianu kpɔla! Elabena egblɔ bena: Alo menye amesi le kpɔyem la yome mekpɔ ɖa vava oa? 14 Eyata woyɔ vudo ma bena: Agbetɔ, si le kpɔyem la ƒe vudo; ele Kades kple Bared dome. 15 Eye Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram tsɔ ŋkɔ na ŋutsuvi, si Hagar dzi nɛ la, be Ismael. 16 Abram xɔ ƒe blanyi vɔ ade, esime Hagar dzi Ismael nɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana