1 Mose 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Abram klã ɖa tso Lot gbɔ. 1 Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃ kple nusiwo katã le esi la, hekpe ɖe Lot ŋuti, gatrɔ va dziehe gome. 2 Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ. 3 Eye wòzɔ tso dziehe gome vaseɖe Betel, vaseɖe teƒe, si wòtu eƒe agbadɔ ɖo tsã, le Betel kple Ai dome, 4 afisi wòɖi vɔsamlekpui ɖo gbã. Eye Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afima. 5 Ke Lot, amesi ʋu kple Abram hã, kpɔ alẽwo, nyiwo kple agbadɔwo. 6 Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o. 7 Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me. 8 Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye. 9 Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me. 10 Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke. 11 Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã. 12 Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot nɔ nuto ma ƒe duwo me le eƒe agbadɔ hom le tutum, vaseɖe esime wòɖo Sodom. 13 Ke Sodomtɔwo nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti. Mawu gado ŋugbe na Abram. 14 Esi Lot klã le Abram gbɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Abram bena: Tsa ŋku tso afisi nele, eye nakpɔ anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ɖa. 15 Elabena anyigba blibo la katã, si kpam nèle la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo tegbetegbe. 16 Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã. 17 Tsi tre natsa, eye nakpɔ anyigba la ƒe didime kple eƒe kekeme, elabena wòe màtsɔe ana! 18 Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana