Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Kronika 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Benyamin kple Saul ƒe aƒe.

1 Eye Benyamin dzi Bela, si nye eƒe ŋgɔgbea, evelia nye Asbel, etɔ̃lia nye Axrax,

2 enelia nye Noxa, eye atɔ̃lia nye Rafa.

3 Bela viwo nye: Adar, Gera, Abihud,

4 Abisua, Naaman, Axoax,

5 Gera, Sefufan kple Xuram.

6 Exud viwo nye esi: — woawo nye Gebatɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, eye woɖe aboyo wo yi Manaxat;

7 Naaman, Axiya kple Gera, eya nye amesi ɖe aboyowo — eye wòdzi Uza kple Axixud.

8 Eye Saxarayim dzi viwo le Moab-nyigba dzi, esime wòɖe asi le srɔ̃a Xusim kple Baara ŋuti megbe.

9 Srɔ̃a Xodes dzi Yobab, Zibya, Mesa, Malkam,

10 Yeuz, Sobya kple Mirma nɛ; woawo nye via, siwo nye aƒekɔwo ƒe tatɔwo.

11 Xusim dzi Abilub kple Elpaal nɛ.

12 Elpaal viwo nye Eber, Misam kple Semer; eya tso Ono kple Lod kpakple wo ŋu duwo.

13 Beria kple Sema wonye Ayalontɔwo ƒe aƒedowo ƒe tatɔwo; woawo nyã Gattɔwo wòsi;

14 Axyo, Sasak, Yeremot,

15 Zebadya, Arad, Eder,

16 Mixael, Yispa kple Yoxa; amesiawo nye Beria viwo.

17 Zebadya, Mesulam, Xiski, Xeber,

18 Yismerai, Yizia kple Yobab; amesiawo nye Elpaal viwo.

19 Yakim, Zixri, Zabdi,

20 Elienai, Ziltai, Eliel,

21 Adaya, Beraya kple Simrat; woawo nye Simei viwo.

22 Yispan, Eber, Eliel,

23 Abdon, Zixri, Xanan,

24 Xananya, Elam, Antotiya,

25 Yifdeya kple Penuel; woawo nye Sasak viwo.

26 Samserai, Sexarya, Atalya,

27 Yaaresya, Eliya kple Zixri; woawo nye Yeroxam viwo.

28 Amesiawo nye woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo le woƒe ƒomeawo nu, eye wonɔ Yerusalem.

29 Gibeon fofo nɔ Gibeon, eye srɔ̃a ŋkɔ nye Maaxa.

30 Eƒe ŋgɔgbevi nye Abdon, Zur, Kis, Baal, Nadab,

31 Gedor, Axyo kple Zexer.

32 Miklot dzi Simea; woawo kple wo nɔviwo hã nɔ wo nɔviwo kasa le Yerusalem.

33 Ner dzi Kis, eye Kis dzi Saul. Saul dzi Yonatan, Malxisua, Abinadab kple Esbaal.

34 Yonatan vi enye Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa.

35 Mixa viwo nye: Piton, Melex, Taxrea kple Axaz.

36 Axaz dzi Yoada, eye Yoada dzi Alemet, Azmawet kple Zimri. Zimri dzi Moza,

37 eye Moza dzi Binea; eya ƒe vi nye Rafa, eya ƒe vi nye Eleasa, eya ƒe vi nye Azel.

38 Eye Azel dzi vi aɖe, woƒe ŋkɔwo nye: Azrikam, Boxru, Ismael, Searya, Obadya kple Xanan; amesiawo katã nye Azel viwo.

39 Nɔvia Esek ƒe viwo nye: Ulam, si nye eƒe ŋgɔgbea, evelia nye Yeus, etɔ̃lia nye Elifelet.

40 Ulam viwo nye ŋutsu kalẽtɔwo kple aŋutrɔdalawo, eye ŋutsuvi geɖe kple tɔgbuiyɔviwo nɔ wo si; wole ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃. Amesiawo katã tso Benyamin viwo dome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa