Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

1 Kronika 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yakob vi ade mlɔeawo ƒe dzidzimegbalẽ.

1 Isaxar viwo nye: Tola, Pua, Yasub kple Simron, wole wo ame ene.

2 Tola viwo nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yaxmai, Yibsam kple Samuel; woawo nye Tola ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, eye wonye ŋutsu kalẽtɔwo le woƒe ƒomeawo me. Woƒe xexlẽme de akpe blave vo eve kple alafa ade le Dawid ŋɔli.

3 Uzi vi nye Yizraxya, eye Yizraxya viwo nye: Mixael, Obadya, Yoel kple Yisiya; wole wo ame atɔ̃; wo katã wonye tatɔwo.

4 Eye aʋawɔla akpe blaetɔ̃ vɔ ade kpe ɖe wo ŋu le woƒe ƒomeawo kple woƒe aʋakɔwo nu, elabena srɔ̃ geɖe kple viŋutsuwo le wo si.

5 Wo nɔvi, siwo tso Isaxar ƒe ƒomeawo katã me la, nye ŋutsu kalẽtɔwo; ame akpe blanyi va adre le woƒe dzidzimegbalẽ la me.

6 Benyamin viwo nye: Bela, Bexer kple Yediael, wole wo ame etɔ̃.

7 Bela viwo nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri; woawo nye aʋakɔwo ƒe tatɔ atɔ̃awo kple ŋutsu kalẽtɔwo; eye ame akpe blave vɔ eve kple blaetɔ̃ vɔ ene le woƒe dzidzimegbalẽ la me.

8 Bexer viwo nye: Zemira, Yoas, Eliezer, Elyoenai. Omri, Yeremot, Abiya, Anatot kple Alemet; wo katã nye Bexer viwo.

9 Woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo, le ame akpe blave kple alafa eve le woƒe ƒomeawo nu le woƒe dzidzimegbalẽ la me.

10 Yediael vi nye: Bilhan, eye Bilhan viwo nye: Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetan, Tarsis kple Axisaxar.

11 Amesiawo katã nye Yediael viwo le woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo la nu; wole ame akpe wuiadre kple alafa eve, amesiwo hona yia aʋa.

12 Supim kple Xupim wonye Ir viwo; eye Xusim enye Axer vi.

13 Naftali viwo nye: Yaxziel. Guni, Yezer kple Salum, amesiwo nye Bilha ƒe viwo.

14 Manase viwo nye: Asriel, si eƒe ahiã, Aram-nyɔnu la dzi, eyae dzi Maxir, si nye Gilead fofo.

15 Eye Maxir ɖe srɔ̃, si nye Xupim kple Supim nɔvinyɔnu, amesi ŋkɔ nye Maaxa. Evelia ŋkɔ nye Zelofxad, eye Zelofxad dzi nyɔnuviwo

16 Eye Maxir srɔ̃ Maaxa dzi ŋutsuvi hena ŋkɔe be Peres, eye nɔvia ŋkɔ nye Seres; eya ƒe viwo nye Ulam kple Rekem.

17 Ulam vi nye Bedan. Amesiawo nye Manase vi Maxir ƒe vi Gilead ƒe viwo.

18 Nɔvianyɔnu Hamolexet dzi Ishod, Abiezer kple Maxla.

19 Semiada viwo nye: Axyan, Sexem, Likxi kple Aniam.

20 Efrayim vi nye: Sutelax; eya ƒe vi nye Bered eya ƒe vi nye Taxat, eya ƒe vi nye Eleada, eya ƒe vi nye Taxat,

21 eya ƒe vi nye Zabad, eya ƒe vi nye Sutelax hekpe ɖe Ezer kple Elead ŋuti. Ke Gat-ŋutsuwo, siwo nye anyigbadzitɔwo, wu wo, elabena wova, be woalé woƒe lãwo.

22 Tete wo fofo Efrayim fa na wo eteƒe didi, eye nɔviawo va, be woafa akɔ nɛ.

23 Eye wòdɔ srɔ̃ gbɔ wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Beria, elabena dzɔgbevɔ̃e va eƒe aƒe dzi.

24 Vianyɔnu enye Seera, eyae tso Anyigbe-Bet-Xoron kple Dzigbe-Bel-Xoron kpakple Uzen-Seera.

25 Viaŋutsu nye Refax, eya ƒe viwo nye Resef kple Telax, eya ƒe vi nye Taxan,

26 eya ƒe vi nye Laedan, eya ƒe vi nye Amihud, eya ƒe vi nye Elisama,

27 eya ƒe vi nye Nun, eya ƒe vi nye Yosua.

28 Woƒe anyigba kple wo nɔƒewo nye: Betel kple eŋu duwo ɖo ta Naaran le ɣedzeƒe kple Gezer le ɣetoɖoƒe kple wo ŋu duwo, Sexem kple eŋu duwo vaseɖe Aya kple eŋu duwo gbɔ.

29 Manase viwo tɔ, si le akpa sia dzi, wonye Bet-Sean kple eŋu duwo; du siawo me Israel vi Yosef ƒe viwo nɔ.

30 Aser viwo nye: Yimna, Yiswa, Yiswi, Bena kple wo nɔvinyɔnu Serax.

31 Bena viwo nye: Xeber kple Malxiel, eya nye Birzayit fofo.

32 Xeber dzi Yaflet, Somer, Xotam kple wo nɔvinyɔnu Sua.

33 Yaflet viwo nye: Pasax, Bimhal kple Aswat; amesiawo nye Yaflet viwo.

34 Somer viwo nye: Axi, Roga, Xuba kple Aram.

35 Nɔvia Helem viwo nye: Zofax, Yimna, Seles kple Amal.

36 Zofax viwo nye: Suax, Xarnefer, Sual, Beri kple Yimra,

37 Bezer, Hod, Sama, Silsa, Yitran kple Beera.

38 Yeter viwo nye: Yefune, Pispa kple Ara.

39 Ula viwo nye: Arax, Xaniel kple Rizya.

40 Amesiawo katã nye Aser viwo, aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ŋutsu kalẽtɔ tiatia, siwo nye amegãwo ƒe tatɔwo, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖi hena aʋawɔwɔ, woƒe xexlẽme le ame akpe blave vɔ ade.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa