1 Kronika 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Saul ku le aʋawɔwɔ me kple Filistitɔwo. 1 Filistitowo wɔ aʋa kple Israel; tete Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye wotsi aʋa le Gilboa-toa dzi. 2 Filistitowo ɖe Saul kple viawo ɖe nu, eye Filistitɔwo wu Saul viwo, siwo nye: Yonatan, Abinadab kple Malxisua. 3 Ke esi aʋa la nu sẽ ɖe Saul dzi, eye aŋutrɔdalawo va tui la, dzidzi ƒoe le aŋutrɔdalawo ŋuti. 4 Tete Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la meli o, elabena evɔ̃ ŋutɔ. Tete Saul tso eƒe yi hedze enu. 5 Esi eƒe adekplɔvi la kpɔ be, Saul ku la, eya hã dze yi nu, eye woku. 6 Ale Saul kple via etɔ̃awo kpakple eƒe aƒe blibo la woku zi ɖeka. 7 Esi Israel-ŋutsu, siwo katã nɔ bali la me, kpɔ be, wòsi, eye Saul kple viawo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitowo va nɔ wo me. 8 Esi ŋu ke, eye Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ Saul kple viawo woku ɖe Gilboa-to la dzi, 9 eye woɖe nu le eŋu hetsɔ eƒe ta kple eƒe aʋawɔnuwo ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo, ne woaɖe gbe ƒã dzidzɔ sia na woƒe mawuwo kple dukɔ la. 10 Wotsɔ eƒe aʋawɔnuwo da ɖe woƒe mawu ƒe me, eye wotsɔ eƒe takoloe ku Dagon ƒe xɔ me. 11 Esi Yabes-Gileadtɔwo katã se nusiwo keŋ Filistitɔwo wɔ Saul la, 12 ŋutsu aʋawɔlawo katã ho, eye wova tsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo yi Yabes; woɖi woƒe ƒuwo de baniti la te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ. 13 Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se, 14 ke mebia gbe Yehowa ya se o; eyata wòwui, eye wòna fiaɖuƒe la yi ɖe Dawid, Isai vi la si me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana